Bible App logo
Search Icon

2Makabeowo 3

3
Simon kple Onias ʋli nya
1Esime amewo nɔ du kɔkɔe la me le ŋutifafa blibo me, eye wowɔ ɖe seawo dzi pɛpɛpɛ ɖe nunɔlagã Onias ƒe mawuvɔvɔ̃ ta kple ɖe ale si wòtsri nuvɔ̃ɖi wɔwɔe ta la, 2eva eme be fiawo ŋutɔ de bubu teƒea ŋu, eye wode bubu gbedoxɔ la ŋu kple nunana nyuitɔwo. 3Ewɔ ale gbegbe be Asiria-fia, Seleuko kekeake gɔ̃ hã xe fe ɖe nu siwo ŋudɔ wowɔ ɖe vɔsanuwo ta tso eya ŋutɔ ƒe duga siwo wòdzɔ la me.
4Ke ŋutsu aɖe si woyɔna be Simon tso Benyamin - to la me, ame si wowɔ gbedoxɔdzikpɔla la, ʋli nya kple nunɔlagã la tso dua ƒe asigadzɔdzɔ kple ga la ŋudɔwɔwɔ ŋu. 5Esi mete ŋu ɖu Onias dzi le nya la me o ta la, eyi ɖe Apolonio, Tarsotɔ, ame si nye dziɖula le Koelesiria kple Foenikia gbɔ. 6Egblɔ nɛ be gadzraɖoƒe si le Yerusalem la yɔ kple ga gbogbo si womate ŋu axlẽ o. Ebe ga sia mele vɔsanuwo ƒeƒle ƒe akɔnta me o, eye be woate ŋu atsɔ ga sia ade fia la ƒe dzikpɔkpɔ te.
Woɖo Heliodoro ɖe Yerusalem
7Esi Apolonio do go fia la la, egblɔ ga si wogblɔ nɛ be eli la ƒe nya nɛ. Ale fia la tia Heliodoro, eƒe nyawo gbɔ kpɔla la, eye wòdɔe ɖa kple gbedeasi be wòaɖaɖe kesinɔnu si ƒe nya wogblɔ la vɛ. 8Heliodoro dze mɔ enumake abe ɖe wòdi be yeaɖakpɔ nuwo ɖa le Koelesiria kple Foenikia ƒe duwo me ene, ke le nyateƒe me la, eyi be yeaɖawɔ ɖe fia la ƒe gbe dzi.
9Esi wòva ɖo Yerusalem la, nunɔlagã si le dua me la xɔe nyuie. Ena wònya nutsotso si woxɔ eye wògblɔ nu si ta tututu wòva ɖo la. Ebia nenye be nutsotso si woxɔ la nye nyateƒe. 10Nunɔlagã la ɖe eme be wodzra ga aɖewo ɖo ɖi na ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo. 11Nenema ke ebe Hirkano, Tobias vi, ame si nye ame ŋkuta hã ƒe ga aɖe li. Ga siawo katã ƒe home anɔ klosaloga kilo akpe wui ene kple sikaga kilo akpe ade alafa atɔ̃. Ale be Simon, mawumavɔ̃la lae nye ame si tɔtɔ nyateƒe la. 12Egblɔ be mate ŋu ava eme gbeɖe o, be woawɔ vɔ̃ ɖe ame siwo ka ɖe teƒe la ƒe kɔkɔenyenye kple ɖe gbedoxɔ la ƒe dzadzɛnyenye kple ale si womate ŋu ada le bubu si wodea eŋu le xexea me godoo la dzi la ŋu o. 13Ke Heliodoro, ɖe gbe si fia la ɖe nɛ ta la, gblɔ be ele be woaɖo asi ga sia dzi, atsɔe ade fia la ƒe gadzraɖoƒe. 14Ale wòɖo ŋkeke yi be yeaɖakpɔ ga siawo ɖeɖe gbɔ. Nu sia he dzimaɖeɖi gã aɖe va du blibo la me. 15Nunɔlawo nɔ woƒe vɔsawuwo me, tsyɔ akɔ anyi, ke abɔwo me ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woyɔ eyama si le dziƒo, ame si wɔ se ɖe nu siwo woda ɖi la ŋu, be yeana be nuawo nanɔ dedie na ame siwo da wo ɖi la. 16Ne èkpɔ nunɔlagã la ƒe dzedzeme la, wò dzi agbã, elabe eƒe mo kple nɔnɔme trɔ ɖe veve si sem wònɔ le eƒe luʋɔ me la ta. 17Vɔvɔ̃ ɖoe, eye ameti bliboa dzo nyànyanya. Ame si kpɔe la anya kɔtɛe vevesese si le eƒe dzime. 18Amewo hã wɔ kaba do go tso woƒe aƒewo me bibibi yi be yewoaɖaƒo koko, elabe wodi be woado vlo teƒe kɔkɔe la. 19Nyɔnuwo sa akpanya ɖe no te, do ɖe ablɔwo dzi. Ɖetugbi siwo dzi wozi ɖe xɔ me ƒu du do ɖe agbowo nu, eye ɖewo de gli dzi eye bubuwo hã do mo ɖa kpɔ nu to fesre nu. 20Wo katã wodo asiwo ɖe dziƒo ƒo koko na Mawu. 21Enye nublanui be nàkpɔ du bliboa natsyɔ akɔ anyi ake abɔwo ɖi, eye nunɔlagã la nanɔ dzimaɖi me kple vevesese gã.
Aƒetɔ la dzɔ eƒe gbedoxɔ la ŋu
22Esi wonɔ gbe dom ɖa na Aƒetɔ, Ŋusẽkatãtɔ la be wòadzɔ nu siwo wodzra ɖo ŋu be woanɔ dedie na edzraɖolawo la, 23Heliodoro tso ɖe nu si woɖe gbe nɛ be newɔ la ŋu. 24Ke esi wòva ɖo gadzraɖoƒea kple eŋudzɔlawo la, le afima le ɣe ma ɣi tututu la, gbɔgbɔwo katã dziɖula kple ame si si ŋusẽwo katã le la, ɖe nukunu gã aɖe fia, ale be ame siwo katã do dzi nɔ eyome la, dzidzi ƒo wo to Mawu ƒe ŋusẽɖeɖefia me eye vɔvɔ̃ lé wo. 25Elabe wokpɔ sɔ si woɖo atsyɔ̃ gã aɖe na, si dzi sɔdola ɖivɔvɔ̃ aɖe le. Sɔ la ƒu du adãtɔe ɖe Heliodoro dzi eye wòtutui kple eƒe ŋgɔgbefɔwo ƒu anyi. Wokpɔ akpoxɔnu kple aʋawɔnu siwo wowɔ kple sika la le sɔdola la si. 26Ɖekakpui sesẽ eve siwo dze ɖeka ŋutɔ, eye wole atsyɔ̃wuwo me la hã do wokpɔ. Wole Heliodoro ƒe axa eveawo dzi eye woƒoe madzudzɔmadzudzɔe; wotu kɔe vevie. 27Esi wòmu dze anyi kpata, eye viviti tsyɔ eyama la, etɔwo va kɔe da ɖe amekɔnu dzi, 28tsɔ dzoe. Evɔa, eteƒe medidi o, eyae nye ame si ge ɖe gadzraɖoƒe si ƒe nya wogblɔ kple ameha gã aɖe kple eŋudzɔlawo katã. Ke fifia la, magate ŋu akpe ɖe eɖokui ŋu o. Ale ame sia ame de dzesi Mawu ƒe ŋusẽ triakɔ la kɔtɛe.
Onias do gbe ɖa be Heliodoro ƒe lã me nasẽ
29Esime Heliodoro dra ɖe emlɔƒe, elabe Mawu ge ɖe nya la me, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi be ahaya o ta la, 30Yudatɔwo kafu Aƒetɔ la, ame si wɔ dzesi wɔnuku sia ɖe eya ŋutɔ ƒe teƒe la ta. Ke gbedoxɔ si eteƒe medidi o, amewo vɔ̃ ɖe enu eye zitɔtɔ nɔ eme la, azɔ la, dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso yɔ eme taŋ, esi Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ do la ta.
31Heliodoro xɔlɔ̃ aɖewo ɖe kuku na Onias kaba be wòado gbe ɖa na Dziƒoʋĩtɔ la be ame si mlɔ anyi kpoo, eye eƒe gbɔgbɔ nu le tsitsim la natsi agbe. 32Ale esi nunɔlagã la medi be fia la nabu vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋu, be woawoe wɔ vɔ̃ aɖeke Heliodoro o ta la, esa vɔ, be ŋutsua natsi agbe. 33Esime Onias nɔ avulékɔnu aɖe wɔm la, ɖekakpui mawo ke gado ɖe Heliodoro dzi nɔ awu mawo ke siwo me wonɔ tsã la me. Wole tsitre gblɔ be: “Da akpe na nunɔlagã Onias vevie, elabe eyama tae Aƒetɔ la na nègbɔ agbe. 34Kpɔ egbɔ be, wò ame si dziƒo ƒo la, nàna be amewo katã nanya Mawu ƒe ŋusẽ triakɔ la.” Esi wogblɔ nya siawo la, wobu vì.
Heliodoro kafu Mawu
35Tete Heliodoro sa vɔ na Aƒetɔ la, eye woɖe adzɔgbe geɖe ŋutɔ na eƒe agbe ƒe Xɔla. Eklã Onias eye wòtrɔ yi fia la gbɔ kple eƒe aʋakɔ la. 36Eɖi ɖase na amewo katã le dɔ siwo Aƒetɔ, nuwo katã dziɖula wɔ, siwo wòkpɔ kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo la. 37Esi fia la bia Heliodoro ame si adze wòagadɔ ɖo ɖe dɔ sia gbe le Yerusalem ɣe bubu ɣi la, eɖo eŋu be: 38“Ne futɔ aɖe le asiwò, alo ame aɖe li si le nugbe ɖom ɖe wò dziɖuɖu ŋu la, dɔ eyama ɖe afi ma, elabe woaƒoe kutɔkutɔe, nenye be wòtsi agbe trɔ gbɔ, elabe kakaɖedzi li kokoko be, Mawu ƒe ŋusẽ aɖe le teƒe ma ŋu. 39Elabe ame si le dzi ɖum le dziƒo la ŋutɔ le teƒe ma ta kpɔm, eye wònaa kpekpeɖeŋui. Ke eƒoa eye wòtsrɔ̃a ame siwo vana be yewoawɔ nu vevi teƒea.” 40Esiae nye nya si dzɔ ɖe Heliodoro dzi kple ale si wodzɔ gadzraɖoƒe la ŋui la ƒe yomedzenu.

Currently Selected:

2Makabeowo 3: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in