Bible App logo
Search Icon

2Makabeowo 2

2
Yeremya tsɔ Aƒetɔ la ƒe nɔƒe ƒe agbadɔ la ɣla
1Woakpɔ le dukɔa ƒe nuŋlɔɖiwo me be Mawu ƒe gbeƒãɖela, Yeremya gblɔ na ame siwo nyàm wole ɖo ɖe wo de la be woaɖe dzo la ƒe ɖe le vɔsamlekpui la me, abe ale si wogblɔe do ŋgɔ la ene. 2Nenema ke woakpɔ be esi Mawu ƒe gbeƒãɖela la tsɔ se la na wo vɔ megbe la, exlɔ̃ nu ame siwo nyàm wole la be womegaŋlɔ Aƒetɔ la ƒe sededeawo be o. Exlɔ̃ nu wo hã be nenye be wokpɔ ale si woɖo atsyɔ̃ na legba siwo wotsɔ sika kple klosalo wɔ la, woƒe susu megakplɔ wo trae o. 3Hekpe ɖe nuxlɔ̃amenya sia ƒomeviwo ŋu la, eƒoe ɖe wo nu be woƒe dzi nagaɖe ɖa le se la ŋu o.
4Edzé le dukɔa ƒe nuŋlɔɖi siawo ke me be, esi Mawu ƒe gbeƒãɖela la xɔ gbedeasi tso Mawu gbɔ la, ena be woatsɔ avɔgbadɔ la kple nubablaɖaka la akplɔ ye ɖo ayi to si dzi Mose yi ɖakpɔ domenyinu si ŋugbe Mawu do la. 5Yeremya yi ɖakpɔ agado aɖe si nye nɔƒe la. Etsɔ avɔgbadɔ la, nubablaɖaka la kple vɔsamlekpui si dzi wosaa lifivɔ le la de eme, eye wòtre agado la nu. 6Ame siwo dze eyome la dometɔ aɖewo va kple susu be yewoade dzesi mɔa, gake womete ŋu kè ɖe eŋuti o. 7Esi Yeremya nya nu tso esia ŋu la, eka mo na wo gblɔ be: “Teƒe la anɔ ɣaɣla va se ɖe esime Mawu gaƒo eƒe dukɔ la nu ƒu, eye wòkpɔ nublanui na wo. 8#Mos II, 16.10; 24.16; Fia I, 8.10, 11.Tete Aƒetɔ la aɖe nu siawo afia eye eƒe ŋutikɔkɔe kple alilikpo la ado. Ava eme abe ale si woɖee fia le Mose ŋɔli kple esi Salomo bia be woakɔ teƒe la ŋuti tɔxɛe la ene.”
Ale si Salomo ɖu azã lae
9Woɖee fia hã be esime nunya su Salomo si la, esa vɔ, tsɔ gbedoxɔ la de asi, esime wowu enu. 10Abe ale si Mose do gbe ɖa na Aƒetɔ la, eye dzo tso dziƒo va fiã vɔsanuawo ene la, nenema ke Salomo hã do gbe ɖa eye dzo ge va fiã numemevɔsa blibo lae. 11Mose gblɔ be: “Wofiã elabe womeɖu nuvɔ̃ vɔsa la o.” 12Nenema ke Salomo hã ɖu azã sia ŋkeke enyi sɔŋ.
Nexemya tu agbalẽwo dzraɖoƒe
13Wogblɔ nu siawo katã hã le nuŋlɔɖiwo me kple le ŋkuɖodzinu siwo Nexemya ŋlɔ da ɖi la me. Wogblɔ gɔ̃ hã be Nexemya tu agbalẽxlẽƒe, eye wòƒo ƒu agbalẽ siwo ƒo nu tso fiawo kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ŋu, nu siwo David ŋlɔ kple fiawo ƒe agbalẽ siwo woŋlɔ ɖo ɖe amewo, ku ɖe lɔlɔ̃nu faa vɔsawo ŋu. 14Nenema ke Yuda hã ƒo ƒu agbalẽ siwo katã bu, ɖe aʋa si va dzɔ ɖe mía dzi la me, eye wole mía si me la hã. 15Eya ta ne miehiã wo la, midɔ amewo ɖa, ne woava xɔ wo vɛ na mi.
Amewo kpekpe be woava ɖu azã
16 # Mak I, 4.59. Azɔ esi míeɖo be míaɖu gbedoxɔŋutikɔzã la, eya tae míele agbalẽ sia ŋlɔm na mi. Eya ta, taflatsɛ, miawo hã miaɖu azã sia oa? 17Mawue xɔ eƒe dukɔ blibo la ɖe agbe. Etrɔ domenyinu la na mi katã. Egatsɔ fiaɖuɖu, nunɔlanyenye kple subɔsubɔ siwo míewɔna le gbedoxɔ me la na mí, 18abe ale si wòdo ŋugbe to se la mee ene. Míele mɔkpɔkpɔ me be, eteƒe madidi o la, akpɔ nublanui na mí. Aƒo mía nu ƒu tso afi sia afi le dziƒoa te, ava eƒe teƒe kɔkɔe la elabe exɔ mí ɖe agbe tso vɔ̃ klitsuwo me, eye wòkɔ teƒe sia ŋu.
Agbalẽa ŋlɔla ƒe ŋgɔdonya
19Esiae nye Yuda Makabeo kple nɔvia ŋutsuwo ƒe ŋutinya, gbedoxɔ gã la ŋuti kɔkɔ kple vɔsamlekpui la tsɔtsɔ de asi. 20Hekpe ɖe esiawo ŋue nye aʋa siwo wowɔ kple Antioxo Epifanes kple via Eupator. 21Woŋlɔ ɖeɖefia siwo do tso dziƒo na ame siwo wɔ aʋa kalẽtɔe le Yudatɔwo ƒe dzixɔse ta la, ɖe ŋutinya la me. Le eme la, togbɔ be ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siawo hã la, woxɔ anyigba blibo la, eye wonya amedzro ŋutasẽlawo ƒe ha gã aɖe ɖe du nu dzoe. 22Ale wogaxɔ gbedoxɔ si xɔ ŋkɔ le xexea me godoo la wògazu wo tɔ. Wona ablɔɖe du la eye wogbugbɔ se siwo woɖo be yewoaɖe ɖa la, gaɖo te, esime Aƒetɔ la wɔ dɔmenyo gã aɖe na wo eye wòve wo nu. 23Míadze agbagba, be nu siawo katã si Yason, tso Kirene ŋlɔ ɖe agbalẽ atɔ̃ me la, míate kpɔ atò wo ɖe eme be woanɔ agbalẽ ɖeka ko me. 24Elabe ne èbu nu siwo katã nu siawo lɔ ɖe enu ƒe xexlẽme kple fu si le eme na ame siwo di be yewoage ɖe nudzɔdzɔwo ƒe ŋutinya me tsitotsito ɖe nuawo ƒe xexlẽme ŋu la, 25míaƒe taɖodzinue nye be míadze ame siwo di be yewoaxlẽ wo la ŋu, awɔe bɔbɔe na ame siwo adi be yewoalé wo ɖe tame, eye woaɖe vi na exlẽlawo katã. 26Mí ame siwo ɖo dɔ sia mía ɖokui dzi, be míatò nuawo ɖe eme la, menye dɔ bɔbɔe wònye o. Ke boŋ enye fifiateame kple alɔ̃madɔmadɔ ƒe nya. 27Ele abe ale si mele bɔbɔe na ame si ɖo nuɖukplɔ̃ be wòadze ame sia ame ŋu o la ene. Gake be ame geɖewo nakpɔ ŋudzedze le eta la, míado dzi awɔ dɔ si me akɔfafa mele o la dzidzɔtɔe. 28Míagble nya suesue siwo le eteƒe tututu la ɖe ame si ƒo ƒu nuawo la si me, esime míaƒe agbagbadzedze ko nanye be míatò agbalẽawo ƒe nyati veviwo ɖe eme. 29Elabe abe ale si wòle be xɔtuŋutinunyala si le xɔ yeye tum, xɔ bliboa tutu nakae ene, eye ame si asì aŋɔ nɛ, aɖo atsyɔ̃ nɛ ya la, nu siwo ŋu wòabu la koe nye ale si xɔa ƒe dzedzeme nanyakpɔ nɛ la, nenema tututue nye nye hã nye susu le míaƒe dɔ la ŋu. 30Enye nyadzɔdzɔŋlɔla gɔmedzetɔ la ƒe dɔdeasi be wòaɖo nuwo gɔme anyi, adzro nuwo me le go sia go me, eye wòagblẽ ɣeyiɣi ɖe nya suesuewo ŋu. 31Ke ame si gbugbɔ nuŋɔŋlɔa le ŋɔŋlɔm la, ele be woaɖe mɔ nɛ be wòadze agbagba aŋlɔ nua kpuie, eye wòaɖe asi le nuwo me yiyi tsitotsito ŋu. 32Eya ta, fifia mina míadze míaƒe ŋutinya la gɔme, eye míagatsɔ naneke akpe ɖe nya siwo míegblɔ va yi xoxo la ŋuti o. Elabe anye bometsinuwɔwɔ be míadidi ŋgɔdonya la ɖe edzi, esime míatso ŋutinya la ŋutɔ ya dzi.

Currently Selected:

2Makabeowo 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in