YouVersion Logo
Search Icon

Korintotɔwo II, 6

6
1Mí, ame siwo le hadɔ wɔm kple Mawu la, míele nu xlɔ̃m mi be migana ale si Mawu ve mia nui la, nazu dzodzro o. 2#Yes 49.8. Elabe egblɔ be:
“Esi ɣeyiɣi la de nam
be mave nuwò la,
meɖo to wò.
Esi ŋkekea ɖo nam,
be maxɔ wò ɖe agbe la,
mekpe ɖe ŋuwò.”
Misee ɖa! Mebe Mawu ƒe amenuveɣi la ɖo. Mawu le ame xɔm ɖe agbe fifi laa! 3Míetsɔ naneke xe mɔe na ame aɖeke o, bene womagakpɔ vodada le subɔsubɔdɔ si wɔm míele la ŋu o. 4Ke boŋ míeɖea mía ɖokui fiana le nu sia nu si míewɔna la me be Mawu ƒe subɔlawo míenye. Ne míexaxa, alo le fu kpem, alo ne hiã tu mí la, míedoa dzi sesĩe. 5#Dɔw 16.23. Ne woƒo mí, alo de mí gaxɔ me; ne wode zi mía me alo wona míewɔ dɔ abe kluvi ene; ne míetsi ŋudɔ alo míetsi nu dɔ hã la, 6míedze agbagba be míanɔ dzadzɛ. Gawu la, míetsɔ nunya, dzidodo kple dɔmenyowɔwɔ fia be Mawu ƒe dɔlawo míenye. Hekpe ɖe esia ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, lɔlɔ̃ deto 7kple míaƒe gbedeasi la ƒe nyateƒenyenye kpakple Mawu ƒe ŋusẽ kpena ɖe mía ŋu. Míeléa nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ɖusi kple mia abe míaƒe aʋawɔnuwo ene. Woawoe míetsɔna ʋlia mía ɖokui tae, eye woawo míegatsɔna lũna ɖe futɔwo dzi hãe. 8Wodea bubu mía ŋu, gadoa ŋukpe hã mí; wodaa mí ɖe anyi, gakafua mí hã. Togbɔ be wobua mí alakpatɔwoe hã la, nyateƒe la ko míegblɔna. 9Wowɔ abe ɖe womedze si mí o ene, ke ame sia ame dze si mí. Wobu mí abe ɖe míele kukum ene, ke míele agbe. Togbɔ be wohe to na mí hã la, womewu mí o. 10Wobu mí konyifalawoe, ke dzi le mía dzɔm ɖaa. Míedzé abe ame dahewo ene, ke míawoe nana be ame geɖewo zua kesinɔtɔwo. Wokpɔ mí abe naneke ɖe mele mía si o ene, evɔ wònye míawo sie nu sia nu le hafi.
11Nɔvi Korintotɔwo, míekɔ dzime ɖe mia ŋu heƒo nu na mi faa. 12Menye míawoe mekɔ dzime ɖe mia ŋu o, ke miawo boŋ ye mekɔ dzime ɖe mía ŋu o. 13Le esia ta, mele nu ƒom na mi faa abe vinyewo ene. Miawo hã mikɔ dzime ɖe mía ŋu faa nenema ke.
Migade ha kple trɔ̃subɔlawo le nuwɔna aɖeke me o
14Migade ha kple ame siwo mexɔ se o la le nuwɔna aɖeke me o. Ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ate ŋu aƒo ƒu awɔ nanea? Alo ɖe kekeli kple viviti ate ŋu ade haa? 15Ale ke Kristo kple Beliel, vɔ̃ɖitɔ la, ƒe gbe ate ŋu asɔe? Nya kae le xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔ dome? 16#Kor I, 3.16; 6.19; Mos III, 26.12; Xez 37.27. Kadodo kae le Mawu ƒe aƒe kple trɔ̃wo dome? Elabe Mawu gbagbe la ƒe aƒee míenye. Mawu ŋutɔ gblɔ be,
“Maɖo nɔƒe ɖe wo me,
eye manɔ wo dome.
Manye woƒe Mawu,
eye woawo woanye nye dukɔ.”
17 # Yes 52.11. Aƒetɔ la gblɔ be,
“Eya ta mido go le wo dome,
eye mima ɖa tso wo gbɔ.
Migawɔ nu makɔmakɔ aɖeke o,
eye maxɔ mi atuu.
18 # Sam II, 7.14; Kron I, 17.13; Yes 43.6; Yer 31.9. Manye mia tɔ́,
eye miawo mianye vinye ŋutsuwo kple vinye nyɔnuwo.
Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔ esia.”

Currently Selected:

Korintotɔwo II, 6: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in