1
Korintotɔwo II, 6:14
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Migade ha kple ame siwo mexɔ se o la le nuwɔna aɖeke me o. Ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ate ŋu aƒo ƒu awɔ nanea? Alo ɖe kekeli kple viviti ate ŋu ade haa?
Compare
Explore Korintotɔwo II, 6:14
2
Korintotɔwo II, 6:16
Kadodo kae le Mawu ƒe aƒe kple trɔ̃wo dome? Elabe Mawu gbagbe la ƒe aƒee míenye. Mawu ŋutɔ gblɔ be, “Maɖo nɔƒe ɖe wo me, eye manɔ wo dome. Manye woƒe Mawu, eye woawo woanye nye dukɔ.”
Explore Korintotɔwo II, 6:16
3
Korintotɔwo II, 6:17-18
Aƒetɔ la gblɔ be, “Eya ta mido go le wo dome, eye mima ɖa tso wo gbɔ. Migawɔ nu makɔmakɔ aɖeke o, eye maxɔ mi atuu. Manye mia tɔ́, eye miawo mianye vinye ŋutsuwo kple vinye nyɔnuwo. Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔ esia.”
Explore Korintotɔwo II, 6:17-18
4
Korintotɔwo II, 6:15
Ale ke Kristo kple Beliel, vɔ̃ɖitɔ la, ƒe gbe ate ŋu asɔe? Nya kae le xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔ dome?
Explore Korintotɔwo II, 6:15