YouVersion Logo
Search Icon

Tesalonikatɔwo I KPƆKPLƆYIƉEME

KPƆKPLƆYIƉEME
Makedonia ƒe dugãe nye Tesalonika. Makedonia nye nutome aɖe le Romatɔwo ƒe dziɖuƒe. Esi Paulo dzo le Filipi la, eyi ɖaɖo hame gɔme anyi ɖe afi ma. Eteƒe medidi o, Yudatɔwo tsi tre ɖe Paulo ŋu. Woʋã ŋui, elabe ele dzidzedze kpɔm le gbeƒã si ɖem wòle tso Kristo ŋu le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome la me. Hafi Paulo nava dua me la, ame manye Yudatɔ siawo va tsɔ ɖe le Yudatɔwo ƒe mawusubɔsubɔ me ŋutɔ. Eva hiã be Paulo nadzo le Tesalonika ayi ɖe Beroea. Emegbe esi Paulo va ɖo Korinto la, exɔ agbalẽ tso eƒe zɔhɛ kple hadɔwɔla, Timoteo, gbɔ le ale si nuwo le edzi yim le Tesalonika-hame la me la ŋu.
Paulo ŋlɔ eƒe Agbalẽ Gbãtɔ sia ɖo ɖe Tesalonikatɔwo be yeatsɔ ade dzi ƒo na wo, eye yeatsɔe ana kakaɖedzi wo le nya si yeɖe gbeƒãe na wo la ŋu. Eda akpe ɖe nya si wòse le woƒe xɔse kple lɔlɔ̃ si le wo dome la ŋu la ta. Paulo ɖo ŋku agbe si ƒomevi eya ŋutɔ nɔ esime wònɔ wo gbɔ la dzi na wo. Azɔ la, eɖo biabia aɖewo, siwo le fu ɖem na hametɔwo le Kristo ƒe tɔtrɔ gbɔ ŋuti la ŋu. Biabia siawoe nye: Ɖe xɔsetɔ si ku hafi Kristo trɔ gbɔ la ate ŋu akpɔ gome le agbe mavɔ si Kristo le tsɔtsɔ ge vɛ la mea? Ɣe ka ɣie Kristo le tɔtrɔ ge agbɔ? Paulo wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ gblɔ na wo be woneyi dɔwɔwɔ dzi le ɖoɖoezizi kpoo me, eye woanɔ mɔ kpɔm na Kristo ƒe tɔtrɔ gbɔ.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kpɔkplɔyiɖeme 1.1
Akpedada kple kafukafu 1.2—3.13
Nuxlɔ̃amenya le Kristotɔwo ƒe nɔnɔme ŋu 4.1-12
Nufiafia le Kristo ƒe vava ŋu 4.13—5.11
Nuxlɔ̃amenya mamlɛawo 5.12-22
Nuwunyawo 5.23-28

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in