Tesalonikatɔwo I 1
1
1 #
Dɔw 17.1. Nye Paulo kple Silvano kpakple Timoteo ye le agbalẽ sia ŋlɔm na mi, hame si le Tesalonika, eye wòle ha dem kple Mawu Tɔ́ la kpakple Aƒetɔ Yesu Kristo la.
Mawu Tɔ́ la kple Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu eye woana ŋutifafa mi.
Tesalonikatɔwo ƒe agbenɔnɔ kple xɔse
2Míedaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi ɖe mi katã mia ta, eye ne míele gbe dom ɖa la, megblɔa miaƒe nya nɛ ɖaa. 3Ne míele mía Mawu kple Tɔ́ la ŋkume la, míeɖoa ŋku edzi be miaƒe nuwɔna fia be miexɔ Mawu dzi se vavã, eye miaƒe agbagbadzedze hã ɖe miaƒe lɔlɔ̃ fia. Gawu la, ale si miele tsitre sesĩe la ɖee fia be miele mɔ kpɔm na mia Aƒetɔ Yesu Kristo. 4Mía nɔviwo, mi ame siwo Mawu lɔ̃ vevie, míenya nyuie be Mawu ŋutɔe tia mi. 5Nyanyui si míehe vɛ na mi la, menye nya ɖeɖe ko wònye míegblɔ na mi o, ke boŋ ŋusẽdɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kpe ɖe eŋu, eye gawu la, míeka ɖe edzi be ele eme vavã. Esi míenɔ mia gbɔ la, míeɖe ame si ƒomevi míenye la fia mi, miekpɔ. Miawo tae míewɔ esia ɖo. 6#Dɔw 17.5-9. Mieto míawo kpakple Aƒetɔ la ƒe afɔtoƒe eya ta, togbɔ be miekpe fu geɖe ŋutɔ le nya la xɔxɔ me hã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la do ŋusẽ mi, miekpɔ dzidzɔ. 7Esia wɔe be mieva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ siwo katã le Makedonia kple Axaya. 8Menye ɖeko Aƒetɔ la ƒe nya la ɖi tso mia nu hoo de Makedonia kple Axaya amewo se o, ke boŋ ale si miexɔ Mawu dzi see la hã kaka de afi sia afi, ale be megahiã gɔ̃ hã be míawo míagake nu agblɔ nya aɖeke o. 9Ameawo ŋutɔ koe le nu ƒom le ale si miexɔ míi kple ale si miegbe nu le legbawo gbɔ, trɔ hele Mawu gbagbe, nyateƒetɔ la boŋ subɔmee la ŋuti. 10Gawu la, ezu nya wolé ɖe nu be miele Mawu Vi, Yesu, ame si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòɖe mí be Mawu nagakpɔ dziku ɖe mía ŋu gbe aɖe gbe o la, lalam.
Currently Selected:
Tesalonikatɔwo I 1: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.