Filipitɔwo 3:12-14
Filipitɔwo 3:12-14 EWERV
Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. Nɔvinyewo, nye ŋuta nyemebu ɖokuinye bena, nye asi su edzi haɖe o. Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.