YouVersion Logo
Search Icon

Filipitɔwo 3

3
Nuxɔxlɔ̃ le ameblelawo ŋuti. Le Paulo ƒe sidzedze Kristo, si ƒo wo katã la kple dzɔdzɔenyenye to xɔse me ŋuti.
1Mlɔeba la, nɔvinyewo, dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me! Nye la metim bena, maŋlɔ nu mawo ke aɖo ɖe mi o; ke miawo la ena kakaɖedzi mi.
2Mikpɔ nyuie le avũawo ŋuti, mikpɔ nyuie le dɔwɔla vɔ̃wo ŋuti, mikpɔ nyuie le aʋatsotso vlo ŋuti! 3Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o. 4Wònye nye la ŋuɖoɖo ɖe ŋutilã ŋu gɔ̃ hã anɔ asinye hafi, ne ame bubua ɖe bu bena, yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋuti la, nye la mewui; 5Ŋkeke enviagbe wotso aʋa nam, metso Israel dukɔ la me, tso Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me; le sea nu la farisitɔ menye; 6le ŋuʋaʋã nu la hame yometila menye; le dzɔdzɔenyenye, si le sea me nu la mokaka manɔŋutɔ menye. 7Gake nusiwo nye viɖe nam la, nu mawo ke mebu nu bubu le Kristo ŋuti. 8Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi, 9eye woakpɔm le eyama me, bena nye ŋutɔ nye dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la, naganɔ asinye o, ke boŋ esi to Kristo dzixɔse me, dzɔdzɔenyenye, si tso Mawu gbɔ le dzixɔse ta la nana asinye, 10bene madze si eyama kple eƒe tsitretsitsi ƒe ŋusẽ kple eƒe fukpekpewo ƒe hadede, eye masɔ kplii le eƒe ku me, 11negbe godo la made ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la gbɔ.
12Menye ɖe nye asi su edzi xoxo, alo mezu blibo xoxo o; ke eyome tim mele, bena negbe ɖeko nye asi lasu nusi ke ŋuti Kristo hã ƒe asi su dzinye ɖo la dzi. 13Nɔvinyewo, nye ŋuta nyemebu ɖokuinye bena, nye asi su edzi haɖe o. 14Ke nu ɖeka ko menya: Nusiwo le megbenye la, meŋlɔ wo be, hafi nusiwo le ŋgɔnye la, nyãm mele, mele dzesiɖoƒe yome tim yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me.
Nuxɔxlɔ̃ hena dziɖuɖufetu yometiti.
15Eyaŋuti ame alesi nu le blibo le mía dome la, minɛ míasusu esia ke, eye ne miesusua nu bubu le nane me la, Mawu aɖe esia ke hã afia mi. 16Gake nusi dzi miesu xoxo la, minɛ míazɔ ɖe mo ma ke nu, eye míaƒe tamesusu nana ɖeka. 17Mizu hanyesrɔ̃lawo, nɔviwo, eye milé ŋku ɖe amesiwo zɔna nenema ke la ŋuti, abe alesi míenye kpɔɖeŋu na mi ene: 18Elabena ame geɖewo zɔna, amesiwo ŋutinya megblɔ na mi enuenu; gake azɔ la metsɔ avifafa le egblɔm bena, Kristo ƒe atitsoga ƒe futɔwo wonye. 19Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko. 20Ke miaƒe dumetɔnyenye le dziƒo, afisi hã miele xɔla, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam tso, 21amesi aɖuɖɔ miaƒe bɔbɔɖeanyiŋutilã ƒe nɔnɔme, bene wòaɖi eƒe ŋutikɔkɔeŋutilã le eƒe ŋusesẽ, si ta wòlea ŋu tsɔa nuwo katã dea eɖokui te la nu.

Currently Selected:

Filipitɔwo 3: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in