YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 9

9
Sedede na Noa ƒe dzidzimeviwo.
1Eye Mawu yra Noa kple viaŋutsuawo, eye wògblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbe, eye miayɔ anyigba la dzi! 2Metsɔ anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, kple tɔmelãwo katã de asi na mi, eye mianye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo. 3Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenema nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene. 4Hafi lã, si ʋu tsi lã me na la, migaɖui o! 5Ke mia ŋutɔwo miaƒe ʋu la, mabiae le lãwo kple amewo siaa si, mabia amesiame ƒe agbe le nɔvia si. 6Amesi kɔ ameʋu ɖi la, amewo akɔ eya hã ƒe ʋu ɖi; elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔ ame ɖo. 7Ke miawo la midzi, ne miasɔ gbɔ, miʋã mia ɖokui le anyigba dzi, eye mikeke ta ɖe edzi!
Nubabla kple anyieʋɔ.
8Eye Mawu gblɔ na Noa kple viaŋutsuawo bena: 9Kpɔ ɖa, mebia nu kpli mi kple míaƒe dzidzimeviwo 10kpakple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ, xe dzodzoewo, aƒemelãwo kple gbemelãwo katã, esiwo le mia gbɔ, kple anyigba dzi lãwo tsyo ƒomevi, siwo do go le aɖakaʋu la me. 11Mebia nu kpli mi bena, nyemagatsrɔ̃ ŋutilã sia ŋutilã kple tsiɖɔɖɔ o; tsi magaɖe anyigba agblẽ nu le edzi akpɔ o. 12Eye Mawu gblɔ bena: Esia enye nubabla, si meɖo anyi le mía kple miawo kple nu gbagbe, siwo katã le mia gbɔ la dome hena dzidzimeawo katã tegbetegbe la ƒe dzesi. 13Meɖo nye anyieʋɔ ɖe alilikpowo ŋu, bena wòanye nubabla, si le mía kple anyigba dome la ƒe dzesi. 14Eye ava me bena, ne mele ƒu ƒom alilikpowo le dziƒo, eye anyieʋɔ ɖi ɖe alilikpoawo ŋu lã, 15ekema maɖo ŋku nye nubabla, si mebia kpli mi kpakple ŋutilã sia ŋutilã, siwo me agbegbɔgbɔ le la dzi, eye tsi magaɖɔ aɖe anyigba la bena, nu gbagbewo katã natsrɔ̃ o.
16Eyata ne anyieʋɔ do ɖe alilikpowo ŋu la, makpɔe ahaɖo ŋku nubabla, si le Mawu kple ŋutilã, siwo katã me agbegbɔgbɔ le le anyigba dzi dome la dzi tegbee. 17Eye Mawu gblɔ na Noa bena: Esia enye nubabla, si meɖo anyi le mia kple ŋutilã, siwo katã le anyigba dzi dome la ƒe dzesi. 18Noa ƒe viŋutsu, siwo do go le aɖakaʋua me la, woawo nye: Sem, Xam kple Yafet; Xam sia enye Kanaan fofo. 19Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã dzo tso hekaka ɖe anyigba blibo la katã dzi.
Noa ƒo fi de Kanaan.
20Eye Noa de asi agbledede me, eye wòde weingblea ɖe. 21Ke esi wòno wein mu la, eɖe ama ɖe eƒe agbadɔ me. 22Eye Xam, Kanaan fofo, kpɔ fofoa ƒe ama, eye wòɖagblɔe na nɔvia eveawo le xexe. 23Tete Sem kple Yafet tsɔ avɔ lé ɖe abɔta hezɔ megbemegbee, eye wotsyɔe na wo fofo, eye wometrɔ kɔ kpɔ wo fofo ƒe ama o. 24Ke esi aha la kɔ le mo na Noa, eye wòse nusi via ɖevitɔ wɔ ɖe eŋu la, 25egblɔ bena: Woaƒo fi ade Kanaan, kluviwo ƒe kluvi wòanye na nɔviawo! 26Eye wògagblɔbena: Woakafu Yehowa, Sem ƒe Mawu; eye Kanaan anye kluvi na wo! 27Mawu ana be, Yafet ƒe nɔƒe nakeke ɖe nu, eye wòano Sem ƒe agbadɔwo me; eye Kanaan anye kluvi na wo! 28Eye le tsiɖɔɖɔ la megbe la Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ kple blaatɔ̃, eye Noa ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaatɔ̃, eye wòku.

Currently Selected:

Mose I 9: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy