YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 10

10
Dzidzime xexlefia.
1Esia nye Noa viŋutsuwo, Sem, Xam kple Yafet ƒe dzidzimeviwo ŋutinya: Le tsiɖɔɖɔ la megbe la wodzi ŋutsuviwo na wo. 2Yaƒet viŋutsuwo nye: Gomer, Magog, Madai, Yawan, Tubal, Mesex kple Tiras. 3Gomer viŋutsuwo nye: Askenaz, Rifat kple Togarma. 4Yawan viŋutsu wo nye: Elisa, Tarsis, Kititowo kple Dodanitɔwo. 5Amesiawo me dukɔ, siwo nɔa ƒukpowo dzi la, dzɔ tso. Esiawo nye Yafet viŋutsuwo le woƒe anyigbawo, woƒe gbe vovovowo, woƒe ƒomewo kple woƒe dukɔwo nu.
6Xam viŋutsuwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan. 7Kus viŋutsuwo nye: Seba, Xawila, Sabta, Rama kple Sabtexa; Raema viŋutsuwo nye Seba kple Dedan. 8Kus dzi Nimrod; ame sia de asi gãɖuɖu me le anyigba dzi. 9Ame sia enye adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wogblɔna bena: Adela kalẽtɔ le Yehowa ƒe ŋku me abe Nimrod ene. 10Eƒe fiaɖuƒe ƒe gɔmeɖoɖo enye Babel, Erek, Akad kple Kalne le Sinear-nyigba dzi. 11Eye wòʋu le anyigba sia dzi yi ɖe Asur, eye wotso Niniwe, Rexobot-Ir, Kalax 12kple Resen le Niniwe kple Kalax dome, esia enye du gãtɔ. 13Eye Mizrayim dzi Luditɔwo, Anamitɔwo, Lehabitɔwo, Naftuxitɔwo, 14Patrusitɔwo, Kasluxitɔwo, amesiwo dome Filistitɔwo dzɔ tso, kple Kaftoritɔwo. 15Eye Kanaan dzi Zidon, eƒe ŋgɔgbevi, kple Xet, 16Yebusitɔwo, Amoritɔwo kple Girgasitɔwo, 17Xiwitɔwo, Arkitɔwo kple Sinitɔwo, 18Arwatitɔwo, Zemaritɔwo kple Xamatitɔwo; emegbe Kanaan ƒe ƒome va keke ta ɖe dzi. 19Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa. 20Esiawo nye Xam-viwo le woƒe ƒomewo, gbewo, anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu.
21Eye wodzi ŋutsuwo na Sem, amesi nye Eber-viwo katã tɔgbui kple Yafet nɔvi xoxoetɔ. 22Sem viŋutsuwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud kple Aram. 23Aram viŋutsuwo nye: Uz, Xul, Geter kple Mas. 24Arpaxsad dzi Selax, eye Selax dzi Eber. 25Eye wodzi ŋutsuvi eve na Eber. Gbãtɔ ŋkɔ nye Peleg; elabena amegbetɔwo mã le eƒe ŋɔli me, eye nɔvia ŋkɔ nye Yoktan. 26Yoktan dzi Almodad, Salep, Xazarmawet, Yarax, 27Hadoram, Uzal, Dikla, 28Obal, Abimael, Seba, 29Ofir, Xawila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan viŋutsuwo. 30Eye woƒe nɔƒe keke tso Mesa ɖo ta Safar vaseɖe ɣedzeƒetowo gbɔ. 31Esiawo nye Sem viŋutsuwo le woƒe ƒomewo, gbewo, anyigbawo kple woƒe dukɔwo nu. 32Esia nye Noa viŋutsuwo ƒe ƒomewo le woƒe dzidzimewo kple woƒe dukɔwo nu, eye woawo me anyigba dzi dukɔwo dzɔ tso le tsiɖɔɖɔ la megbe.

Currently Selected:

Mose I 10: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy