YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 13

13
Abram klã ɖa tso Lot gbɔ.
1Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃ kple nusiwo katã le esi la, hekpe ɖe Lot ŋuti, gatrɔ va dziehe gome. 2Eye lãwo, klosalo kple sika geɖe le Abram si taŋ. 3Eye wòzɔ tso dziehe gome vaseɖe Betel, vaseɖe teƒe, si wòtu eƒe agbadɔ ɖo tsã, le Betel kple Ai dome, 4afisi wòɖi vɔsamlekpui ɖo gbã. Eye Abram yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afima. 5Ke Lot, amesi ʋu kple Abram hã, kpɔ alẽwo, nyiwo kple agbadɔwo. 6Eye anyigba mede wo nu bena, woanɔ wo nɔewo gbɔ o; elabena woƒe kesinɔnuwo sɔ gbɔ akpa, eyata womete ŋu nɔ wo nɔewo gbɔ o. 7Eye dzre dzɔ ɖe Abram ƒe lãnyilawo kple Lot ƒe lãnyilawo dome. Ke Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo hã nɔ anyigba la dzi le ɣemaɣi me. 8Tete Abram gblɔ na Lot bena: Megana dzre nanɔ mía kpli wò, nye lãnyilawo kple wò lãnyilawo dome o, elabena nɔviwo míenye. 9Alo menye anyigba blibo la nye esi le ŋkuwò me oa? De megbe tso gbɔnye dzro! Ne ètia mia me la, matsɔ ɖusi me, eye ne ètia ɖusi me la, matsɔ mia me. 10Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke. 11Eye Lot tia Yordan-nutowo me katã na eɖokui, eye Lot ʋu yi ɖe ɣedzeƒe gome; ale nɔvi kple nɔvi dome klã. 12Abram nɔ Kanaan-nyigba dzi; ke Lot nɔ nuto ma ƒe duwo me le eƒe agbadɔ hom le tutum, vaseɖe esime wòɖo Sodom. 13Ke Sodomtɔwo nye ame baɖawo, eye woda vo geɖe ɖe Yehowa ŋuti.
Mawu gado ŋugbe na Abram.
14Esi Lot klã le Abram gbɔ megbe la, Yehowa gblɔ na Abram bena: Tsa ŋku tso afisi nele, eye nakpɔ anyiehe, dziehe, ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ɖa. 15Elabena anyigba blibo la katã, si kpam nèle la, matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo tegbetegbe. 16Eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene ale be, ne amea ɖe ate ŋu axlẽ ʋuʋudedi la, eya koe ate ŋu axlẽ wo dzidzimeviwo hã. 17Tsi tre natsa, eye nakpɔ anyigba la ƒe didime kple eƒe kekeme, elabena wòe màtsɔe ana! 18Eye Abram le eƒe agbadɔ hom le tutum, le ŋgɔgbe yimii, eye wòva nɔ Mamre ƒe ati gã gbɔ le Xebron-nutowo me, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa.

Currently Selected:

Mose I 13: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy