YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 12

12
Mawu yɔ Abram.
1Eye Yehowa gblɔ na Abram bena: Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi! 2Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra. 3Mayra amesiwo yra wò, ke amesiwo doa vlo wò la, maƒo fi ade wo, eye le wò me woayra anyigba dzi meawo katã le.
Abram ʋu yi Kanaan.
4Tete Abram ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene, eye Lot hã yi kplii. Abram xɔ ƒe blaadre vo atɔ̃, esime wòʋu tso Xaran. 5Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be wòayi Kanaan-nyigba dzi, eye wova Kanaan-nyigba la dzi. 6Eye Abram tsa le anyigba la dzi vaseɖe Sixem kple Moreli gã la gbɔ; ke ɣemaɣi la Kanaantɔwo le anyigba la dzi.
Ŋugbeɖoɖo gbãtɔ.
7Eye Yehowa ɖe eɖokui fia Abram gblɔ nɛ bena: Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana. Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Yehowa, amesi ɖe eɖokui fiae. 8Eye wòʋu tso afima yi ɖe to dzi le Betel ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖi; eɖe Betel ɖe ɣetoɖoƒe kple Ai ɖe ɣedzeƒe, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ Yehowa ŋkɔ le afima. 9Eye Abram le ʋuʋum le dziehe gome yim ʋeʋeʋe.
Abram nye amedzro le Egipte.
10Eye do to le anyigba la dzi. Eye Abram yi ɖe Egipte, be wòa nye amedzro le afima; elabena dɔa nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi? 11Ke esi wògogo Egipte la, egblɔ na srɔ̃a Sarai bena: Kpɔ ɖa, menya bena, nyɔnu dzetugbe nènye. 12Ne Egiptetɔwo akpɔ wò la, ekema woagblɔ bena, srɔ̃e sia, eye woawum; ke woana wòa natsi agbe. 13Gblɔ ko dzro bena, nɔvinyenyɔnu nènye, ne manɔ dedie le tawò, eye matsi agbe le tawò! 14Eye esi Abram va Egipte la, Egiptetɔwo kpɔ nyɔnu la bena, edze tugbe ŋutɔ. 15Eye esi Farao ŋumewo kpɔe la, wokafui na Farao, eye wokplɔ nyɔnu la va Farao ƒe me. 16Eye wòwɔ Abram nyuie le eta, eye wotso alẽwo, nyiwo, tedzitsuwo, kluviwo, kosiwo, tedzinɔwo kple kposɔwo nɛ. 17Ke Yehowa ɖe fu geɖe na Farao kple eƒe aƒe katã le Sarai, Abram srɔ̃ ŋuti. 18Eye Farao yɔ Abram ve gblɔ ne bena; Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye; nukaŋuti megblɔe nam bena, ye srɔ̃e wònye o mahã? 19Nukaŋuti nègblɔ bena, ye nɔvinyɔnue, eye mena wòzu srɔ̃nye mahã? Ke azɔ kpɔ ɖa, meɖe asi le srɔ̃wò ŋuti na wò, kplɔe yii! 20Eye Farao do amewo, bena woakplɔ eya kple srɔ̃a kple etɔwo katã aɖo ɖa.

Currently Selected:

Mose I 12: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy