YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 11

11
Matutu ɖe Babel.
1Ke gbe ɖeka kple nuƒoƒo ɖeka ŋugbe le amegbetɔwo katã nu. 2Eye wòva me bena, esi wodze mo ɖo ta ɣedzeƒe gome la, wokpɔ gbadzaƒea ɖe le Sinear-nyigba dzi, eye wonɔ afima. 3Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Mina míamè anyikpe, eye míaƒo dzoe! Ale anyikpe zu xɔtukpe na wo, eye aŋɔ le akaloba teƒe na wo. 4Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o! 5Tete Yehowa ɖi va anyi, be yeakpɔ du kple mɔ̃ kɔkɔ, si amegbetɔviwo le tutum la ɖa.
Mawu tɔtɔ amewo ƒe gbe.
6Eye Yehowa gblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔ ɖeka wonye, eye gbe ɖeka le wo katã nu, eye esia nye woƒe nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze ko; azɔ nusianu, si dim wole be, woawɔ la, womado kpoe o. 7Mina míaɖi ayi afima, ne míatɔtɔ woƒe gbe, bena amea ɖeke nagase nɔvia ƒe gbe o! 8Eye Yehowa na bena, wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi, eye wodzudzɔ ɖu la tsotso. 9Eyata woyɔnɛ bena Babel, le esi Yehowa tɔtɔ amegbetɔwo katã ƒe gbe le afima, eye Yehowa na wokaka tso afima ɖe anyigba blibo la katã dzi ta.
Dzidzime xexlẽfia tso Sem dzi vaseɖe Abram dzi.
10Esia nye Sem ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Esime Sem xa ƒe alafa ɖeka la, edzi Arpaxsad, le ƒe evelia me le tsiɖɔɖɔ la megbe. 11Esi Sem dzi Arpaxsad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 12Esi Arpaxsad xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Selax. 13Eye esi Arpaxsad dzi Selax megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 14Esi Selax xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Eber. 15Eye esi Selax dzi Eber megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 16Esi Eber xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ ene la, edzi Peleg. 17Eye esi Eber dzi Peleg megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa ene kple blaetɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 18Esi Peleg xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Regu. 19Eye esi Peleg dzi Regu megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa eve kple asieke, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 20Esi Regu xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ eve la, edzi Serug. 21Eye esi Regu dzi Serug megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa eve kple adre, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 22Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Naxor. 23Eye esi Serug dzi Naxor megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa eve, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 24Esi Naxor xɔ ƒe blave vo asieke la, edzi Tarax. 25Eye esi Naxor dzi Tarax megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wuiasieke, eye wodzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo. 26Eye esi Tarax xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Naxor kple Haran.
27Tarax ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si: Tarax dzi Abram. Naxor kple Haran; eye Haran dzi Lot. 28Ke Haran tre kuku na fofoa Tarax le Kaldea-nyigba dzi le wo de Ur. 29Eye Abram kple Naxor woɖe srɔ̃; Abram srɔ̃ ŋkɔ nye Sarai, eye Naxor srɔ̃ ŋkɔ nye Milka, amesi nye Haran, Milka kple Yiska fofo ƒe vinyɔnu. 30Ke Sarai tsi ko, vi mele esi o. 31Eye Tarax ʋu kple via Abram kple tɔgbuiyɔvia Lot, si nye Haran vi, hekpe ɖe Sarai, via Abram srɔ̃ ŋuti tso Ur le Kaldea, bene wòayi Kanaan-nyigba dzi Ke esi wova Xaran la, wònɔ afima. 32Eye Tarax ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa eve kple atɔ̃, eye Tarax ku le Xaran.

Currently Selected:

Mose I 11: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy