YouVersion Logo
Search Icon

Xezekiel 22

22
Yerusalem le nuvɔ̃ kple tohehe nɛ.
1Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2Amevi, ɖe nebe, yeadrɔ̃ ʋɔnu, yeadrɔ̃ ʋɔnu hlɔ̃dodu laa? Ekema ɖe eƒe ŋunyɔnuwo katã fiae 3gblɔ bena; Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Wò du, si ko ʋu ɖe eɖokui me, ne wò ɣeyiɣi naɖe, eye nèwɔ legbawo, ne natsɔ agblẽ ko ɖo na ɖokuiwò. 4Eda vo to wò ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la me, eye nètso wò legba, siwo newɔ la, gblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò, ehe wò ŋkeke va aƒegbɔe, eye nèɖo wo ƒewo ƒe nuwuwu; eyata matsɔ wò awɔ vlodonu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã. 5Amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe la, aɖu fewu le ŋuwò be, wò ŋkɔ gblẽ, eye ʋunyaʋunya bɔ ɖe mewò. 6Kpɔ ɖa, Israel ƒe amegãwo dometɔ ɖesiaɖe le adegbe ƒom ɖe eƒe alɔ ŋu le mewò, ne wòakɔ ʋu ɖi. 7Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo. 8Eɖoa vlo nye kɔkɔeƒe la, eye negblẽa ko ɖo na nye dzudzɔgbewo. 9Ame gɔmezɔlawo le mewò, ne woakɔ ʋu ɖi, woɖua nu le towo dzi le mewo, eye wowɔa ŋukpenanu le mewo. 10Woɖea ama fofo le mewo, eye woɖea asi nyɔnu, si kpo dzinu la ŋu le mewò. 11Amesiame wɔa ŋunyɔnu ɖe ehavi srɔ̃ ŋu, amesiame wɔa ŋukpenanu kple eƒe tɔyɔvinyɔnu hedoa gu eɖokui, eye amesiame dea asi nɔvianyɔnu, si nye fofoa ƒe vinyɔnu la ŋu. 12Woxɔa zãnu le mewo, ne wòakɔ ʋu ɖi, eɖia kasa, eye nexɔa deme, ẽɖua sesẽnu le nɔviwò si, eye wò ŋku dzona le dzinye. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 13Kpɔ ɖa, masi akpe ɖe viɖe, siwo nekpɔ, kple hlɔ̃, si wodo le mewo la ŋu. 14Ɖe dzi anɔ ƒowò, eye ŋusẽ anɔ wò asi ŋu le ŋkeke, siwo me mawɔ nu kpli wòa? Nye Yehowa ye ƒo nu, eye mawɔe hã. 15Makaka wò ɖe dukɔwo dome, mahlẽ wò ɖe anyigbawo dzi, eye mana wò ɖiƒoƒo nu natso le ŋuwò, 16eye azu busu me le dukɔwo ŋku me, ne nadze sii be, nyee nye Yehowa.
17Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 18Amevi, Israel ƒe aƒe blibo la zu aŋuka nam; akɔbli, gaɣi, gayibɔ kple tsumi wonye le kpo me, klosaloŋuka wozu. 19Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi mi katã miezu aŋuka la, eyata mala mi akɔ ɖe Yerusalem. 20Alesi wolɔa klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi kɔna ɖe kpo me, ne woaƒlɔ dzo ɖe eŋu wòalólo la, nenema mala mi akɔ ɖi le nye dɔmedzoe kple nye dziku me, eye matsɔ mi ade eme mialólo. 21Maƒo mia nu ƒu, eye maƒlɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo ɖe mia ŋu, ne mialólo le eme. 22Alesi wolóloa klosalo le kpo mee la, nenema woalólo mi le emee, eye miadze sii be, nye Yehowa ye trɔ nye dziku ƒo ɖe mia dzi.
23Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 24Amevi, gblɔ nɛ bena: Wòe nye anyigba, si dzi tsi madza ɖo o, eye tsi maƒoe le dzikudoɣi o. 25Eƒe nyagblɔɖilawo ɖoa gbe ɖi le eme, wole abe dzata, si le gbe tem hele nu vuvum ene, woɖua amewo, wolɔa kesinɔnuwo kple nu veviwo dzonɛ, eye wonana ahosiwo sɔgbɔna le eme. 26Eƒe nunɔlawo toa vo ɖe nye se la ŋu, eye wogblẽa kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la; womedea vovo nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome o, eye womefiaa vovototo, si le nu dzadzɛ kple nu madzamadza dome o, wotsyɔa nu ŋku me ɖe nye dzudzɔgbewo, eye wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome. 27Eƒe amegãwo le abe amegãxi lénuwo ene le eme, ne wòakɔ ʋu ɖe anyi, woatsrɔ̃ amewo, eye woakpɔ viɖe. 28Woƒe nyagblɔɖilawo sia akalo ɖe nu ŋu na wo, wokpɔa aʋatso-ŋutega, eye wogblɔ alakpanya ɖi na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi; evɔ wònye Yehowa meƒo nu o hafi. 29Dukɔ hahoo la ɖua sesẽnu, eye wodaa adzo, esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu le amedzrowo si hedaa se la dzi. 30Medi ame le wo dome, si aɖo gli, eye wòatsi tre ɖe gbagbãƒe le ŋkunye me ɖe anyigba la nu, ne magagblẽe o, ke nyemekpɔ ɖeke o. 31Eyata metrɔ nye dɔmedzoe ƒo ɖe wo dzi, metso nye dzinu ƒe dzo tsrɔ̃ wòe, eye mehe woƒe zɔzɔme va woƒe ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!

Currently Selected:

Xezekiel 22: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in