YouVersion Logo
Search Icon

Xezekiel 23

23
Israel kple Yuda wowɔ ahasi kple tsrɔ̃subɔlawo.
1Eye Yehowa ƒe gbe va nam be: 2Amevi, nyɔnu eve nɔ anyi, wonye dada ɖeka viwo. 3Wowɔ gbolo le Egipte, woƒe ɖetugbimee wowɔ gbolo le; afima wolé no na wo le, eye afima wofanya akɔnu na wo le. 4Woƒe ŋkɔwo nye: xoxoetɔ nye Ohola, eye nɔvianyɔnu nye Oholiba, wozu tɔnye, eye wodzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo. Woyɔ Ohola be Samaria, eye Oholiba be Yerusalem. 5Ohola wɔ ahasi le megbe nye, eye wòle kukum ɖe eƒe ahiã viwo dzi, woawo nye Asurtɔ siwo ƒe ŋkɔ nya; 6anyigbanunɔlawo kple amegãwo, siwo le aɖabɛ blɔtɔ me, ɖekakpuivi dzeɖekɛwo sɔŋ wonye, eye wole sɔ dzi. 7Ewɔ gbolo kple Asur-viwo ƒe ame tiatĩawo katã, eye wotsɔ woa kple amesiwo wɔ ahasi la ƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na eɖokui. 8Ke meɖe asi le eƒe gbolowɔwɔ tso Egipte ŋu o, elabena woawoe de asi eŋu le eƒe ɖetugbime, wofanya eƒe akɔnu, eye wolɔ woƒe amatrewɔwɔwo trɔ ɖe edzi. 9Eyata metsɔe ɖe asi na eƒe ahiãvi, siwo nye Asur-viwo, amesiwo dzi wòle kukum ɖo. 10Woɖe amae, wokplɔ viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo dzoe, eye wowu eya ŋutɔ kple yi, ale be wòzu kpɔdzidze na nyɔnuwo, eye wohe to nɛ. 11Nɔvianyɔnu Oholiba kpɔe, ke le wɔ gbolo wòvloe wui, eye wòwɔ ahasi wu nɔvianyɔnu. 12Eku ɖe Asur-viwo dzi, anyigbanunɔlawo kple amegãwo, amesiwo ŋkɔ nya, eye woɖo atsyɔ̃, wole sɔ dzi, eye wonye ɖekakpuivi dzeɖekɛwo sɔŋ. 13Tete mekpɔ be, egblẽ kɔ ɖo na eɖokui, mɔ ɖeka dzi woa kple eve la wòto. 14Ke egawɔ gbolo ɖe edzi, ekpɔ ŋutsu, siwo wòta ɖe gli ŋu, Kaldeatɔwo ƒe nɔnɔme, si wotsɔ de tae, 15alidziblanu le ali na wo, eye tablanu le ta na wo hedzɔ ɖe anyi, wo katã ƒe nɔnɔme le abe aʋafiawo ene, eye woɖi Babel-viwo, amesiwo de nye Kaldea. 16Eye esi wòkpɔ woƒe ŋku me la, wo nu le dzi nɛ, eye wòdo ame ɖo ɖe wo le Kaldea. 17Tete Babel-viwo va egbɔ le edo ƒe, eye wotsɔ woƒe amatrewɔwɔwo gblẽ ko ɖo nɛ, eye wòtsɔ wo do gu eɖokui; emegbe la woƒe nu gblẽ le eƒe ŋku me. 18Eye esi eƒe gbolowɔwɔ dze go, eye eƒe ama dze la, eƒe nu ti kɔ nam, abe alesi nɔvianyɔnu ƒe nu ti kɔ nam ene. 19Egawɔ gbolo ɖe edzi, eye wòɖo ŋu eƒe ɖetugbimenɔɣi, esime wòwɔ gbolo le Egipte-nyigba dzi. 20Eye wole kukum ɖe eƒe ahiãviwo dzi, amesiwo ƒe ŋutsu le abe tedzi tɔ ene, eye woƒe tsi le abe sɔtsu tɔ ene. 21Eɖo ŋku wò ŋukpenanuwɔwɔ le wò ɖetugbime dzi, esime Egiptetɔwo fanya wò akɔnu, eye wòlé wò ɖetugbimeno.
Tohehe le anukwatre maɖimaɖi ŋuti.
22Eyata Oholiba, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, made adã ta me na wò ahiãviwo, amesiwo ƒe nu gblẽ le ŋkuwò me la, ɖe ŋuwò, eye mana woatso goawo katã me ava ƒo ɖe dziwò. 23Babel-viwo, Kaldeatɔwo katã, Pekod, Soa kple Koa kpakple Asur-viwo katã kpe ɖe wo ŋu, ɖekakpuivi dzeɖekɛwo, anyigbanunɔlawo kple amegãwo sɔŋ kple aʋafiawo wonye, woƒe ŋkɔ nyɔ, eye wo katã wole sɔ dzi. 24Woatsɔ tasiaɖam kple tasiaɖamfɔ geɖewo ava ƒo ɖe dziwò, woatsɔ akpoxɔnu gã kple via kpakple gakuku adze aʋa ɖe ŋuwò godoo, eye matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ade asi na wo, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe woƒe se nu. 25Mahe nye ŋuʋaʋã ava dziwò, eye woawɔ nu kpli wò le dziku me: Woakpa ŋɔti kple to na wo, eye viwòwo atsi yi nu; woakplɔ wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo adzoe, eye dzo afiã wò nu susɔeawo. 26Woaɖe avɔ le ŋuwò, eye woalɔ wò atsyɔ̃nuwo adzoe. 27Matsi wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ tso Egipte-nyigba dzi nu, magafɔ mo te ɖe wo ŋu azɔ o, eye wò ŋku magadze Egipte dzi azɔ o. 28Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ wò ade asi na amesiwo nèle fui, eye matsɔ wò ade asi na amesiwo ƒe nu gblẽ le ŋkuwò me. 29Woawɔ nu kpli wò abe ketɔ ene, eye woalɔ wò nuwo katã adzoe ahagblẽ wò ɖi natsi ama kple ƒeƒle, ale be wò ahasiwɔwɔ ƒe ama, wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ natsi go. 30Nusiawo ava dziwò, le esi nèwɔ gbolo kple dukɔwo, eye nètsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò ta. 31Nɔviwònyɔnu ƒe afɔ nètsɔ, eyata matsɔ eƒe kplu ade asi na wò. 32Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ano nɔviwònyɔnu ƒe kplu, si ko helolo, eye woɖi nu, ne nazu nu ɖikokoea kple alɔmeɖenu; 33ahamuame kple nuxaxa ayɔ mewo fũ, elabena nɔviwònyɔnu Samaria ƒe kplu enye ŋɔdzi kple mo yaa wɔwɔ ƒe kplu! 34Ànoe ƒiaƒiaƒia ahaɖuɖɔ eƒe gbagbana biɖabiɖa, eye ade abi wò no ŋu; Aƒetɔ Yehowa be: Nyee gblɔe! 35Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi neŋlɔm be, eye netsɔm ƒu gbe ɖe megbewò la, eyata wò ŋukpenanuwɔwɔ kple wò gbolowɔwɔ anɔ dziwò.
36Eye Yehowa gblɔ nam bena: Amevi, ɖe nèbe, yeadrɔ̃ ʋɔnu Ohola kple Oholiba? Ekema ɖe woƒe ŋunyɔnuwo fia wo. 37Elabena wowɔ ahasi, eye ʋu le asi ŋu na wo, wotsɔ woƒe legbawo wɔ ahasii, eye wotsɔ wo vi, siwo wodzi nam la, to dzo me, ne woanye nuɖuɖu na wo. 38Nusi wogawɔ ɖe ŋunye la, enye si: Wodo gu nye kɔkɔeƒe la gbemagbe, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. 39Ne wowu wo viwo na legbawo la, wovaa nye kɔkɔeƒe la gbemagbe ke, ne woagblẽ ko ɖo nɛ; alea wowɔ le nye xɔ me. 40Woɖo ame ɖe ŋutsuwo le didiƒe, be woava, eye esi wodɔ ame ɖe wo wova la, èle tsi, eɖo tù ɖe ŋku, eye newɔ leke, 41èbɔbɔ nɔ ada nyuia ɖe dzi, si ŋgɔ woɖo kplɔ̃ ɖo, eye nètso nye dzudzɔdonu kple nye ami da ɖe edzi. 42Wole ɣli dom hoo le afima, eye woyɔ Salbatɔwo tso gbe dzi kpe ɖe ame gbogboawo ŋu, amesiwo tso alɔnuga de alɔnu na wo, eye woɖo fiakuku nyui ɖe la na wo. 43Eye megblɔ be: Ɖe nyɔnu léayi aganɔ gbolo wɔma? Ɖe woaganɔ ahasi wɔm kpliia? 44Wova egbɔ, abe alesi wovaa gbolo gbɔe ene; alea wova Ohola kple Oholiba, siwo nye nyɔnu wo ŋukpenanuwo la gbɔe. 45Ŋutsu dzɔdzɔewo adrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe gbolowo kple nyɔnu dohlɔ̃wo ƒe se nu; elabena gbolowo wonye, eye ʋu le asi ŋu na wo. 46Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Woakplɔ amehawo ava ƒu wo, eye woatso wo ade asi na ŋutasesẽ kple nuhaha. 47Amehawo nexlã kpe ɖe wo, eye woadza wo kple woƒe yiwo, woawu woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, eye woata dzo woƒe xɔwo. 48Matsi ŋukpenanuwɔwɔ nu le anyigba dzi, eye anye nuxlɔ̃me na nyɔnuwo katã, ne womagawɔ ŋukpenanu abe woawo ene o. 49Woahe miaƒe ŋukpenanuwɔwɔ ava mia dzi, eye nuvɔ̃, siwo miewɔ to miaƒe legbawo dzi la, anɔ mia dzi, ne miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.

Currently Selected:

Xezekiel 23: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in