Xezekiel 20
20
Israel ƒe tomaɖomaɖo tsã kple fifi hã.
1Eye wòva me le ƒe adrelia me le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia dzi be, ŋutsuwo tso Israel ame tsitsiwo dome va gbe bia ge Yehowa se, eye wobɔbɔ nɔ ŋkunye me. 2Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: 3Amevi, ƒo nu kple Israel ame tsitsiwo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyee miava gbe bia geea? Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ne mana miabia gbem ase akpɔ fi! Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 4Màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa, amevi, màdrɔ ʋɔnu wo oa? Ɖe wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwo fia wo! 5Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe metia Israel, eye mekɔ nye asi dzi na Yakob ƒe aƒe ƒe ƒomea, mede ɖokuinye fía wo le Egipte-nyigba dzi, eye mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu la, 6gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome. 7Mía dome amesiame neɖe ŋunyɔnu ɖa le ŋku ta, eye migatsɔ Egipte-legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o; nye Yehowa ye nye mia Mawu. 8Ke wosẽ to ɖe ŋunye, eye wogbe toɖoɖom; wo dometɔa ɖeke meɖe ŋunyɔnuawo ɖa le ŋku ta o, eye womeɖe asi le Egipte-legbawo ŋu o. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ ɖe wo ŋu le Egipte-nyigba dzi. 9Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ la, ne magaɖo gui le dukɔ, siwo dome wole la ŋku me o, amesiwo ŋku me meɖe ɖokuinye fia wo le, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi. 10Ale mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi heva gbe dzi. 11Mena nye ɖoɖowo wo, eye meɖe nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, fia wo. 12Eye metsɔ nye dzudzɔgbewo hã na wo, ne woanye dzesi anɔ mía kple wo dome, eye woadze sii be, nye Yehowa ye kɔ wo ŋu. 13Ke Israel ƒe aƒe la sẽ to de ŋunye le gbea dzi; womezɔ de nye ɖoɖowo nu o, wodo vlo nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, eye wogblẽ kɔ do na nye dzudzɔgbewo vevie ŋutɔ. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo de wo dzi le gbea dzi, eye matsrɔ̃ wo. 14Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne megado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o. 15Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, be nyemakplɔ wo ayi anyigba, si metsɔ na wo, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye wònye anyigba nyuitɔ le anyigbawo katã dome la dzi o; 16le esi wodo vlo nye seawo, womezɔ de nye dodowo nu o, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo ta; elabena woƒe dzi dze woƒe legbawo yome. 17Ke nye ŋku kpɔ nublanui na wo, be nyemagblẽ wo o, eye nyematsrɔ̃ wo le gbea dzi o.
18Eye megblɔ na wo viwo le gbea dzi bena: Migazɔ de mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migalé woƒe sewo me ɖe asi o, eye migatsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o! 19Nye Yehowa, ye nye mia Mawu, mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye milé nye sewo me ɖe asi, ne miawɔ wo dzi; 20mikɔ nye dzudzɔgbewo ŋu, ne woanye dzesi anɔ mía kpli mi dome, eye wòadze sii be, nye Yehowa yenye mia Mawu. 21Ke wo viwo sẽ to ɖe ŋunye, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, womelé nye sewo me ɖe asi, ne woawɔ wo dzi o, evɔ wònye ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ de wo ŋu le gbea dzi. 22Ke megagbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne magado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o. 23Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, ne makaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi; 24le esi womewɔ nye sewo dzi o, eye woɖo vlo nye ɖoɖowo, wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo le wo fofowo ƒe legbawo yome la. 25Eyata metsɔ ɖoɖo gbegblẽwo kple se, siwo mana woanɔ agbe o la, na wo. 26Eye mena wotsɔ woƒe vɔsanuwo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, esime wotsɔ woƒe vi ŋgɔgbeawo katã to dzo mee, ne magblẽ wo, eye ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.
27Eyata, amevi, ƒo nu kple Israel ƒe aƒe la, eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mia fofowo gado ɖiŋu nam, esime wòtrɔ ʋu le yonyeme. 28Esi mekplɔ wo va anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo la dzi, eye wokpɔ togbɛ kɔkɔ sia togbɛ kɔkɔ kple ati dodo sia ati dodo la, wosa woƒe akpedavɔwo le afima, eye wohe woƒe vɔsanu kudzinamewo va afima, wodo dzudzɔ ʋeʋẽe le afima, eye woƒo tsi ɖe anyi ɖe afima. 29Tete megblɔ na wo bena: Nuxeƒe ka nye esi mieva? Eyata woyɔa togbɛ be nuxeƒe vaseɖe egbe.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ kple ŋugbedodo.
30Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mietsɔ mia fofowo ƒe zɔzɔme le kɔ gblẽm ɖo na mia ɖokui, eye miele woƒe ŋunyɔnuwo yome dzem; 31Israel ƒe aƒe, mietsɔ miaƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui, eye mietsɔ miaƒe vɔsanuwo sa vɔe, esime mietsɔ mia viwo to dzo mee vaseɖe egbe tso, hafi nyea mana miabia gbem asea? Metà ɖokuinye ƒe agbe: Nyemana miabia gbem ase akpɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 32Nusi ɖo ta me na mi lã, mava me akpɔ o, esime miele gbɔgblɔm bena: Míanɔ abe dukɔwo kple anyigbawo ƒe ƒomeawo ene, ne míasubɔ ati kple kpe. 33Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ne nyematsɔ asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple dziku, si wotrɔ ƒo ɖe anyi la, aɖu fia ɖe mia dzi o fi! 34Matsɔ asi sesẽ kple alo, si le dzi, kpakple dziku, si wotrɔ ƒo ɖe anyi la, akplɔ mi tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi, 35eye makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbe dzi, eye gama mahe nya kpli mi le ŋku me kple ŋku me. 36Alesi mehe nya kple mia fofowo le Egipte-nyigba ƒe gbe dzi la, nenema mahe nya kple miawo hãe, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 37Mana miato atikplɔ te ayi, eye makplɔ mi ayi nubabla la ƒe ga mee; 38eye matia aglãdzelawo kple amesiwo trɔ ʋu le yonyeme la, le mia dome; makplɔ wo adzoe tso anyigba, si dzi wonye amedzro le la dzi, ke womade Israel-nyigba dzi o, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.
39Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mia dome amesiame neyi, ne wòaɖasubɔ eƒe legbawo ko; ke emegbe la miava ɖo tom xoxo, eye miagatsɔ miaƒe vɔsanuwo kple miaƒe legbawo agblẽ ka ɖo na nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o. 40Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe blibo la, amesiwo katã le anyigba dzi la, asubɔm le nye to kɔkɔe la, Israel ƒe to kɔkɔ la dzi; gama maxɔ wo le atuu, eye madi woƒe adzɔwo, woƒe vɔsanuwo ƒe gbãtɔwo kpakple woƒe nusiwo katã ŋu woka la le. 41Ne mekplɔ mi tso dukɔwo dome la, maxɔ mi atuu abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi, eye makɔ ɖokuinye ŋu ɖe mia ŋuti le dukɔwo ŋku me. 42Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, mekplɔ mi va Israel-nyigba, anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na mia fofowo la dzi. 43Míado ŋu miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo katã, siwo mietsɔ gblẽ ko ɖo na mia ɖokui la, le afima, eye miava ŋu nyo ge na mia ɖokui le nu vɔ̃ɖi, siwo katã miewɔ la ta. 44Israel ƒe aƒe, miadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, mewo na mi le nye ŋkɔ ta, eye menye ɖe miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo kple miaƒe nuwɔna gbegblẽwo nu o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
Currently Selected:
Xezekiel 20: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: