YouVersion Logo
Search Icon

Xezekiel 21

21
Kaldeatɔwo di yi de Yudatɔwo kple Amonitɔwo ŋuti.
1Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: 2Amevi, trɔ ŋgɔ dze dziehe gome, dudu nya ƒo ɖe dziehe, eye nagblɔ nya ɖi ɖe ave, si le gbegbe le dziehe la ŋuti. 3Eye nagblɔ na dzieheve la bena: Se Yehowa ƒe gbe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mado dzo ɖe mewo, ne wòafiã ati mumuwo katã kple ati ƒuƒuwo katã; womatsi dzo ƒe aɖeawo o, eye ŋkuwo katã me atɔ aka tso dziehe vaseɖe anyiehe; 4eye ŋutilãwo katã adze sii bena, nye Yehowa ye to dzoe; eye tsitsi manɔ eŋu o. 5Tete megblɔ be: Ao, Aƒetɔ Yehowa, wole gbɔgblɔm le ŋunye be: Eyama lo sɔŋ ko wònɔa dodom!
6Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: 7Amevi, trɔ ŋgɔ dze Yerusalem, dudu nya ƒo ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye nagblɔ nya ɖi ɖe Israel-nyigba ŋu 8agblɔ na Israel-nyigba bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, eye madi nye yi le aku me atsrɔ̃ ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa le dziwò. 9Esi wònye ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa mebe, matsrɔ̃ le dziwò la, eyata nye yi ado le aku me ɖe ŋutilãwo katã ŋu tso dziehe vaseɖe anyiehe. 10Eye ŋutilãwo katã adze sii be, nye Yehowa ye di nye yi tso aku me; magatrɔ agbɔ o. 11Ke wò amevi, nɔ hũ ɖem! Nɔ hũ ɖem abe amesi ali le ɖuɖum la ene, eye nanɔ hũ ɖem le vevesese heliheli ta le wo ŋku me. 12Eye ne wova gblɔ na wò be: Nukata nèle hũ ɖem ɖo hã la, ekema ɖo ŋu na wo bena: Le nya la tae, elabena ele eme va ge, dziwo katã alólo gbanaa, eye asiwo katã ado agblɔ, dzi aɖe le amewo katã ƒo, eye klowo katã alólo azu tsi. Kpɔ ɖa, egbɔna, eye wòle eme va ge, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
13Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: 14Amevi, gblɔ nya ɖi bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Gblɔ be: Yi, yi! Wonyree, eye wosiae. 15Wonyree ɖe amewuwu ŋu, eye ɖe wosiae, be wòanɔ dzo dam kaŋkaŋ. Ɖe míakpɔ dzidzɔa? Vinye ƒe ameƒoti le vlo dom atiwo katã. 16Etsɔe na, be woasia, ne woalée kple asi; wonyre yi la, eye wosiae, be woatsɔ ade asi na amewula. 17Amevi, do ɣli, eye nafa avi, elabena egbɔna ɖe nye dukɔ dzi, egbɔna de Israel ƒe amegãwo katã dzi; woawo kple nye dukɔ siaa la, yi lɔ wonye; eyata ƒo aklito! 18Elabena wodoe kpɔ, ke ne ameƒoti la do vloe ɖe? Esia ya mava me o. Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. 19Ke wò amevi, gblɔ nya ɖi, eye naƒo asi kpoloe, elabena yi la adzi ɖe edzi zi eve kple zi etɔ̃; amewuyie, amewuyi gã lae aɖe to ɖe wo. 20Mena yi le dzo dam le miaƒe agbowo katã nu, ne dzi nalólo gbanaa, eye ame tsiaʋawo nasɔ gbɔ; ɖe wowɔe, be woada dzo, eye de wonyree de amewuwu ŋu. 21Dza nu le ɖusi kple mia me afisiafi, si wò nu trɔ ɖo! 22Ekema nye hã maƒo asi kpoloe, eye nye dziku nu afa, nye Yehowa ye gblɔe.
23Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: 24Amevi, da mɔ eve na ɖokuiwò, siwo dzi Babel-fia ƒe yi ato ava, anyigba ɖeka dzie woa kple eve la woatso, eye naɖo mɔfianu mɔ sia mɔ ƒe gɔmedzedze ɖo ta du sia du me, 25ne yi nate ŋu ava Amon-viwo ƒe Raba kple Yerusalem, si ŋu woɖo gli ɖo le Yuda. 26Elabena Babel-fia ava tɔ de mɔdzevee nu le mɔawo kple eve ƒe godoƒe, be wòaka afã, adzobo aŋutrɔwo, abla gbe aklama kpakpɛwo ase, eye wòaɖe ŋku de lãklã ŋu. 27Yerusalem ƒe dzidzenu dze ɖusi me nɛ, ne woatu gligbãnu, woake nu ado ɣli, eye woatso ayiboopɛ sesĩe, woatu gligbãnu ɖe eƒe agbowo ŋu, woaƒu kpo, eye woatu dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo. 28Eye wòle na wo abe ɖe afã meɖi o ene, elabena eteƒe didi kwasiɖa geɖewo; ke eya aɖo ŋu woƒe vodadawo, ne asi natu wo. 29Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi mieɖo ŋu miaƒe vodadawo, eye miaƒe tosesẽwo dze go, be wokpɔ miaƒe nuvɔ̃wo le miaƒe nuwɔnawo me, esi woɖo ŋku mia dzi la, eyata asi atu mi. 30Wò Israel ƒe amegã, wò ame vɔ̃ɖi, si wodo gui, wò amesi ƒe ŋkeke de le vodadawo ƒe nuwuwu, 31ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Woaɖe tablanu da, eye woade fiakuku ɖi. Maganɔ alea o, ke boŋ woado ame tsɛ ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegã ɖe anyi. 32Anyiglãgo, anyiglãgowo ƒe anyiglãgo mawɔ wòe; esia maganɔ anyi o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye la, nava, eye màtsɔe nɛ.
33Amevi, gblɔ nya ɖi bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Amon-viwo kple wo ƒe alɔmeɖeɖe ŋu enye si: Gblɔ bena: Yi, wò yi, si wodi ɖe amewuwu ŋu, eye wosia wò nèle dzo dam, ne woatsɔ awu amee, 34wò, amesi wokpɔ aʋatso-ŋutega na, eye woka alakpafã na be, wole tsɔ wò ge akpe ɖe ame vɔ̃ɖi, siwo woda nui la ƒe kɔwo ŋu, amesiwo ƒe ŋkeke de le woƒe vodadawo ƒe nuwuwu me. 35Gbugbɔ yi wò aku me! Teƒe, si wowɔ wò le, anyigba, si dzi nẽdzɔ do la, afima madrɔ̃ ʋɔnu wò le. 36Matrɔ nye dɔmedzoe akɔ de dziwò, maƒlɔ nye dziku ƒe dzo de ŋuwò, eye matsɔ wò ade asi na ame nyanyrãwo kple gbegblẽ ƒe adaŋuawo. 37Dzo afiã wò, wò ʋu asi le anyigba dzi, eye womagaɖo ŋku dziwò azɔ o, elabena nye Yehowa ye gblɔe!

Currently Selected:

Xezekiel 21: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in