Xezekiel 19
19
Konyifahadzidzi le Yuda dziɖulawo ŋuti.
1Ke wò la to konyifaha ɖe Israel ƒe amegã ŋu 2gblɔ bena: Ameka nye dawo? Dzatanɔ wònye tsyɔ akɔ ɖe dzatawo dome, eye wònyi viawo wotsi le dzataviwo dome 3Enyi viawo dometɔ ɖeka wòtsi, eye wòzu dzatavi; esrɔ̃ nuléle, eye wòɖua amelã. 4Ke esi dukɔwo se eŋkɔ la, woɖo asɔʋe nɛ heɖee, eye wode ŋɔtigae hekplɔ yi Egipte-nyigba dzii. 5Eye esi dada kpɔ be, yelala dzodzro, eye yeƒe mɔkpɔkpɔ nu tsi la, etsɔ viawo dometɔ ɖeka heɖo dzatae. 6Enɔ dzatawo dome, eye wòzu dzatavi; esrɔ̃ nuléle, eye woɖu amelã. 7Egbã woƒe fiasãwo, eɖo aƒedo woƒe duwo, eye eƒe gbeɖeɖe ƒe ɖiɖi na ŋɔdzi lé anyigba kple edzinɔlawo. 8Tete dukɔwo tso ɖe eŋu godoo tso anyigbawo dzi, woɖo ɖɔ ne, eye woɖee le woƒe asɔʋe me. 9Woɖe ŋɔtigae, eye wotsɔe de kpẽ me hekplɔe yi na Babel-fia; wotsɔe de mɔ̃ sesẽ me, ne womagase eƒe gbe le Israel-towo dzi azɔ o.
10Dawò nye weinka wodo ɖe to to abe wò ene, etse fũ, eye wòto aŋgba mlamlamla le tsi geɖe ta. 11Eƒe alo ɖeka lolo hezu dziɖula ƒe fiatikplɔ, eye wòkɔ alɔ gbɔ alɔ dodoawo ta. Esi wokpɔ be, akɔ alea, eye wòto geɖe la, 12wohoe ƒu anyi le dziku me, eye ɣedzeƒeya no tsi le eƒe tsetsewo me; woŋe eƒe alo gã la, eye wòƒu wotɔ dzoe. 13Azɔ wotsɔe do ɖe gbegbe le kuɖinyigba kple anyigba ƒuƒu dzi. 14Eye dzo do tso eƒe alɔwo ƒe zekpẽ me hefiã eƒe tsetsewo, eye alɔ gãa ɖeke megale eŋu ahanye dziɖula ƒe fiatikplɔ o. Konyifaha wònye, eye wòzu konyifaha.
Currently Selected:
Xezekiel 19: EWERV
Highlight
Share
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

: