YouVersion Logo
Search Icon

Zefania Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Zefania nye nyagblɔɖila na Yuda le Yuda fiaɖuƒe la ƒe anyinɔnɔ ƒe ƒe ewo mamlɛawo me hafi wogbãe le ƒe alafa atɔ̃ kple blaenyi-vɔ-ade me do ŋgɔ na Yesu dzidzi. Yosia nye fia esime Zefania nye nyagblɔɖila. Zefania ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe fia la dzi, eya ta fia la wɔ tɔtrɔ aɖewo le ƒe alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ me do ŋgɔ na Yesu dzidzi. Ke tɔtrɔ siawo mesɔ gbɔ o, eye wotsi megbe akpa hã. Ameawo gbugbɔ yi woƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye Babiloniatɔwo va xɔ fiadu la. Zefania ƒe nyagblɔɖi nye nya sesẽ aɖe si wotu ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dzi. Egblɔ be Mawu ƒe asi sesẽ la mava Yuda ɖeɖe ko dzi o, ke boŋ ava dukɔ siwo ƒo xlã Yuda la hã dzi.
Emenyawo
Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ƒe vava (1:1–3:7)
Kaka ɖe Mawu ƒe fiaɖuƒe la ƒe vava dzi (3:8-20)

Currently Selected:

Zefania Ŋgɔdonya: AL

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in