Habakuk 3
3
Habakuk ƒe gbedodoɖa
1Esiae nye Nyagblɔɖila Habakuk ƒe gbedodoɖa si woadzi ɖe kasaŋku ŋuti.
2Yehowa, mese nya le wò gãnyenye ŋuti.
O Yehowa, wò nuwɔwɔwo wɔ nuku lo!
Gbugbɔ wo wɔ yeye le míaƒe ŋkekewo me.
Ɖe wo fia le míaƒe ɣeyiɣi me.
Le wò dziku me, ɖo ŋku nublanuikpɔkpɔ dzi.
3Mawu tso Teman va.
Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran to dzi. Sela.
Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ dziƒowo
eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi!
4Eƒe ŋutikɔkɔe nɔ abe agudzedze ene
eye keklẽ gã aɖe do tso eƒe asi me,
afi si eƒe ŋusẽ be ɖo.
5Dɔ vɔ̃ le zɔzɔm le eŋgɔ
eye dɔxɔleameŋu le eyome.
6Etɔ eye wòʋuʋu anyigba;
ekpɔ nu eye dukɔwo ʋuʋu.
Blematowo kaka eye gbe aɖe gbe togbɛwo ŋe dze eme.
Eƒe mɔwo li tegbee.
7Mekpɔ Kusam ƒe agbadɔwo le xaxa me
eye Midiantɔwo ƒe nɔƒewo le nublanui me.
8O Yehowa, ɖe nèdo dziku ɖe tɔsisiwo ŋua?
Ɖe wò dɔmedzoe bi ɖe tɔʋuwo ŋua?
Ɖe wò dziku bi ɖe atsiaƒu ŋu esi nèdo wò sɔwo
kple wò tasiaɖamwo le wò dziɖuɖu mea?
9Ehe wò dati ɖe go eye nèbia be
woatsɔ wò aŋutrɔwo na wò. Sela.
Ètsɔ tɔsisiwo ma anyigba lae.
10Towo kpɔ wò eye woŋe kple vevesese.
Tsiɖɔɖɔ si va yi, tometsiwo ɖe gbe
eye woƒe tsotsoewo de dzi.
11Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo nɔƒe le dziƒo esi
wokpɔ wò aŋutrɔ bibiawo
kple wò akplɔ si le dzo kem miamiamia.
12Èzɔ to anyigba dzi le wò dziku dziŋɔ la me
eye nèɖo afɔ dukɔwo dzi kple dziku.
13Ke èdo be yeaɖe wò amewo
eye yeaxɔ na wò amesiamina.
Ègbã ta na ame vɔ̃ɖiwo ƒe anyigba ƒe kplɔla
eye nèɖe amea tso tagbɔ va se ɖe afɔ gbɔ. Sela.
14Ètsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ ŋɔ ta nɛ esi
eƒe asrafowo dze mía dzi be yewoakaka mí.
Wole gbe tem abe ɖe wodi be yewoavuvu nublanuitɔ siwo si be la ene.
15Ètsɔ wò sɔwo blu atsiaƒu kple tsi gbana la.
16Mesee eye nye dzi dzo le menye kpakpakpa;
nye nuyiwo dzo nyanyanya esi mese
woƒe howɔwɔ la, vɔvɔ̃ ɖom ɖe nye ƒu tome ke
eye nye afɔwo ƒo kpakpakpa.
Ke malala kple dzigbɔɖi na dzɔgbevɔ̃eŋkeke la be
wòava dukɔ si le mía ham la dzi.
17Togbɔ be gboti meƒo se o
eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o,
togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o,
togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me,
eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,
18nye la, makpɔ dzidzɔ le Yehowa me
eye madzɔ dzi le Mawu, nye Ɖela, me.
19Aƒetɔ Yehowae nye ŋusẽ.
Ewɔ nye afɔ abe zinɔ tɔ ene,
eye wònana be mazɔa Kɔkɔeƒewo.
Na hafiala, woadzi ɖe kasaŋku ŋu.
Currently Selected:
Habakuk 3: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.