2 Mose 32
32
Sikanyivi la
1Esi Mose megbɔ tso to la dzi kaba o ta la, Israelviwo gblɔ na Aron be, “Kpɔ ɖa, wɔ mawu aɖe si akplɔ mí la na mí, elabena Mose, ame si kplɔ mí tso Egipte la, bu ɖe mí. Nane anya wɔe.”
2Aron ɖo eŋu na wo be, “Miɖe sikatogɛ siwo mia srɔ̃wo, mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo de la eye miatsɔ wo vɛ nam.” 3Ale wo katã woɖe woƒe sikatogɛwo tsɔ vɛ na Aron. 4Aron lolõ sika la, eye wòtsɔe wɔ nyivi aɖe ƒe nɔnɔme. Ameawo do ɣli be, “O, Israel, esiae nye mawu si kplɔ wò do goe le Egipte!”
5Esi Aron kpɔ ale si ameawo kpɔ dzidzɔe le nyivilegba la ŋu la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe nyivilegba la ŋgɔ, eye wòɖe gbeƒã be, “Etsɔ la, míasa vɔ aɖe na Yehowa!”
6Esi ŋu ke la, wofɔ kaba, eye wode asi numevɔsawo kple ŋutifafavɔsawo wɔwɔ me na nyivilegba la. Emegbe la, wonɔ anyi ɖu nu, eye wono nu nyuie, eye wotsi tsitre, eye woɖu ɣe.
7Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi kaba, elabena wò ame siwo nèkplɔ tso Egipte la dze nu vɔ̃ me, 8eye woɖe asi le nye seawo katã ŋu enumake. Wowɔ sikanyivilegba aɖe na wo ɖokuiwo. Wole esubɔm, le vɔ sam nɛ, eye wole gbɔgblɔm be, ‘O Israel, esiae nye wò mawu si kplɔ wò tso Egipte.’ ”
9Yehowa yi edzi be, “Mekpɔ be dukɔ sia me tɔwo nye kɔlialiatɔwo kple aglãdzelawo. 10Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ wò, Mose nàzu dukɔ gã aɖe ɖe wo teƒe.”
11Ke Mose ɖe kuku na Yehowa, eƒe Mawu la be megawɔ nenema o. Eɖe kuku be, “Yehowa, nu ka ta nèdo dɔmedzoe helĩhelĩ ale ɖe wò ŋutɔ wò dukɔ si nèkplɔ tso Egiptenyigba dzi kple ŋusẽ gã kple nukunu triakɔ mawo tɔgbi la ŋu? 12Ɖe nèdi be Egiptetɔwo nagblɔ be, ‘Mawu ble wo be woava toawo dzi ale be yeate ŋu awu wo, atsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ’ mahã? Ɖe asi le wò dɔmedzoe sesẽ la ŋu. Trɔ wò susu, eye mègahe dzɔgbevɔ̃e va wò amewo dzi o. 13Ɖo ŋku wò ŋutɔ wò ŋugbe si nèdo na wò dɔlawo, Abraham, Isak kple Israel la dzi, elabena ètsɔ wò ŋutɔ wò ŋkɔ ka atam be, ‘Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã si ŋugbe medo la ana miaƒe dzidzimeviwo tegbetegbe.’ ”
14Ale Yehowa trɔ eƒe tameɖoɖo la, eye wòkpɔ nublanui na wo. 15Mose ɖi tso to la dzi. Elé kpe eve siwo ƒe akpa eveawo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la ɖe asi. 16Mawu ŋutɔe kpa kpeawo, eye wòŋlɔ Seawo ɖe kpeawo dzi.
17Esi Yosua se ɣli si ameawo katã nɔ dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, “Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!”
18Ke Mose ɖo eŋu be,
“Ao, menye dziɖuɣli alo aʋasiɣlie o,
ke boŋ hadzidzie.”
Mose do dɔmedzoe
19Esi wote ɖe asaɖa la ŋu la, Mose kpɔ sikanyivilegba la kple ameawo wonɔ ɣe ɖum. Edo dɔmedzoe ale gbegbe be wòtsɔ kpe siwo dzi Mawu ŋlɔ Seawo ɖo la ƒu anyi wogbã le to la te. 20Etsɔ sikanyivilegba la, eye wòdee dzo me wòlolo. Esi sika la fa la, etui memie wòzu wɔ. Etsɔ wɔ la kɔ ɖe tsi me hena Israelviwo wono.
21Mose bia Aron be, “Nu ka tututu ameawo wɔ wò be nèhe nu vɔ̃ triakɔ sia va wo dzi?”
22Aron ɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, mègado dɔmedzoe helĩhelĩ nenema o. Ènya ame siawo nyuie, eye ènya ameha vɔ̃ɖi si wonye. 23Woawoe gblɔ nam be, ‘Wɔ mawu aɖe na mí, wòakplɔ mí, elabena nane wɔ Mose, ame si kplɔ mí do goe le Egipte.’ 24Megblɔ na wo be, ‘Mitsɔ miaƒe sikatogɛwo vɛ.’ Ale wotsɔ wo vɛ. Metsɔ wo de dzo me, eye nyivi siae do go tso eme!”
25Esi Mose kpɔ be ameawo lé woƒe mɔ tsɔ to Aron ƒe ŋusẽdoame me, eye yewoƒe futɔwo nɔ dzidzɔ kpɔm le nu sia ŋu la, 26etsi tsitre ɖe asaɖa la ƒe mɔnu, eye wòdo ɣli be, “Mi ame siwo katã le Yehowa dzi la, miva afi sia miawɔ ɖeka kplim.” Tete Levitɔwo katã do go va egbɔ.
27Egblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ be, ‘Mitsɔ miaƒe yiwo, eye miatsa le asaɖa la me, tso asaɖa la ƒe seƒe ɖeka yi ekemɛ, eye miawu mia ŋutɔwo mia nɔviwo, xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo gɔ̃ hã.’ ” 28Levitɔwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene, eye ame abe akpe etɔ̃ ene ku gbe ma gbe.
29Mose gblɔ na Levitɔwo be, “Egbe la, mieɖo mia ɖokuiwo hena dɔwɔwɔ na Yehowa, elabena mieɖo toe, togbɔ be toɖoɖoe na be miewu mia ŋutɔwo mia viwo kple mia nɔviwo hã. Azɔ la, Yehowa akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi.”
Mose ɖe kuku ɖe dukɔ la ta
30Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na Israelviwo be, “Miewɔ nu vɔ̃ gã aɖe, ke magbugbɔ ayi Yehowa gbɔ le to la dzi. Ɖewohĩ mate ŋu ana wòatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.”
31Ale Mose trɔ yi Yehowa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “O, ame siawo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe: wotsɔ sika wɔ mawuwo na wo ɖokuiwo. 32Meɖe kuku, tsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. Ke ne màte ŋui o la, ekema na nye boŋ maku ɖe wo teƒe, eye nàtutu nye ŋkɔ ɖa le wò agbalẽ la me.”
33Yehowa ɖo eŋu na Mose be, “Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔe matutu ɖa le nye agbalẽ la me. 34Azɔ la, yi eye nàkplɔ nye ameawo ayi teƒe si ƒe nya megblɔ na wò. Meka ɖe edzi na wò be nye Dɔla anɔ ŋgɔ na mi. Ke ne meva be makpɔ ameawo ɖa la, mahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.” 35Tete Yehowa na dɔvɔ̃ dze ameawo dzi, elabena wosubɔ Aron ƒe sikanyivilegba la.
Currently Selected:
2 Mose 32: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.