2 Mose 31
31
Bezalel kple Oholiab tiatia
1Yehowa gblɔ na Mose be, 2“Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me. 3Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ. 4Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli. 5Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe. 6Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ.
“Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã:
7“agbadɔ la,
Nubablaɖaka la kple eƒe nutuvi,
kple nu siwo katã le agbadɔ la me,
8vɔsamlekpui la kple eŋunuwo,
sikakaɖiti la kple eŋunuwo,
dzudzɔdovɔsamlekpui la,
9numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo,
tsileganu la kple eƒe zɔ,
10Nunɔla Aron ƒe awu nyui kɔkɔewo kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe awuwo,
ale be woate ŋu awɔ dɔ nam abe nunɔlawo ene,
11Teƒe Kɔkɔe la ƒe amisisi la kple dzudzɔdonu ʋeʋĩwo.
“Ele be woawɔ nu siawo katã ɖe ale si meɖo na wò la nu.”
Dzudzɔgbe la
12Yehowa yi edzi gblɔ na Mose be, 13“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ele be miaɖo ŋku nye Dzudzɔgbe la dzi, elabena Dzudzɔgbe la nye ŋkuɖoɖo nubabla si le nye kple miawo dome la dzi tegbetegbe. Esia awɔe be miaɖo ŋku edzi be nyee nye Yehowa, ame si wɔ mi kɔkɔe.’
14“Ele be miadzudzɔ le Dzudzɔgbe la dzi, elabena enye ŋkeke kɔkɔe na mi. Ele be woawu ame sia ame si ada le se sia dzi la, eye woaɖe ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la ƒe agbe ɖa le etɔwo dome. 15Ŋkeke ade woawɔ dɔ, ke ŋkeke adrelia nye Dzudzɔgbe; ŋkeke kɔkɔe wònye na Yehowa. Ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la, ele be woawui. 16Miwɔ dɔ ŋkeke ade ko, elabena ŋkeke adrelia nye ŋkeke tɔxɛ hena dzudzɔ, eye wòle kɔkɔe na nye Yehowa. Se sia nye nubabla mavɔ, eye wòle be Israelviwo nawɔ edzi. 17Enye nubabla si le nye kple Israelviwo dome la ƒe dzesi mavɔ, elabena ŋkeke adee nye, Yehowa metsɔ wɔ dziƒo kple anyigba, eye medzudzɔ le ŋkeke adrea gbe.”
18Esi Yehowa wu eƒe nuƒoƒo kple Mose nu le Sinai to la dzi la, etsɔ kpe eve siwo dzi eya ŋutɔ tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ Se Ewoawo ɖo la na Mose.
Currently Selected:
2 Mose 31: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.