2 Mose 31:2-5
2 Mose 31:2-5 AL
“Kpɔ ɖa, metia Bezalel, Uri ƒe viŋutsu kple Hur ƒe tɔgbuiyɔvi tso Yuda ƒe to la me. Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ. Ŋutete blibo le eŋu hena nuwo wɔwɔ kple sika, klosalo kple akɔbli. Enya ale si woatsɔ kpe xɔasiwo awɔ nuwo, eye woatsɔ atiwo akpa nuwoe.





