2 Mose 27
27
Vɔsamlekpui la
1“Tsɔ akasiati nàkpa vɔsamlekpui lae. Eƒe ta ƒe kekeme kple didime siaa nanye mita ɖeka kple desimita eve, eye wòakɔ mita ɖeka kple desimita etɔ̃. 2Wɔ lãdzowo ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzogoe eneawo dzi, woalé sesĩe ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Fa akɔbli ɖe nu sia nu ŋu. 3Tsɔ akɔbli wɔ vɔsamlekpui la ŋunuwo, afilɔnuwo, sofiwo, gagbɛwo, gafluwo kple dzoɖesonuwo. 4Tsɔ akɔbli wɔ lãyiga, eye nàwɔ akɔblisigɛ ɖe dzogoe eneawo ŋu. 5Klã lãyiga la ɖe mlekpui la titina, eye nàna wòanɔ teƒe si wodoa dzo ɖo la tame. 6Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa akɔbli ɖe wo ŋu hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. 7Na woatsɔ ati didiawo aƒo ɖe asigɛawo me le vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi hena vɔsamlekpui la kɔkɔ. 8Tsɔ ʋuƒo wɔ vɔsamlekpui la, do nanɔ eme abe ale si meɖee fia wò le to la dzi ene pɛpɛpɛ.”
Xɔxɔnu la
9“Tɔ kpɔ ɖe agbadɔ la ŋu. Agbadɔ la ƒe dziehe gome nadidi mita blaene-vɔ-ene. Tsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi dada la tɔ kpɔ siae, 10eye nàtu kpɔti blaeve siwo ƒe afɔtiwo woatu kple akɔbliga, eye woatsɔ klosaloga atu gatagbadzɛ siwo woatsɔ avɔawo akui la ɖe kpɔtiawo ŋu. 11Woawɔ avɔ la nenema ke le anyiehe gome hã. Woaku avɔ mita blaene-vɔ-ene ɖe klosalogatagbadzɛawo ŋu, ɖe gakawo ŋu le kpɔtiawo ŋu. 12Ɣetoɖoƒe gome nadidi mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔti ewo siwo te afɔti ewo le la nanɔ afi ma. 13Ɣedzeƒe gome afi si ɣe dzena tsona hã nadidi mita blaeve-vɔ-eve. 14Avɔ si didi mita ade kple afã la nanɔ akpa ɖeka na mɔnu la. Woatsi avɔ la ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu. 15Avɔ didime ma tɔgbi ke nanɔ agbadɔ la ƒe akpa evelia, eye woatsi eya hã ɖe kpɔti etɔ̃ siwo te afɔti etɔ̃ le la ŋu.
16“Avɔ si keke mita asiekɛ la, nanɔ kpɔtɔtɔ la ƒe mɔnu. Avɔ la nanye esi avɔlɔ̃la la lɔ̃ kple ka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ, eye woatsii ɖe kpɔti ene siwo te afɔti le ɖekaɖeka la ŋu. 17Woatsɔ klosalogatagbadzɛwo aklã klosalogakawo ɖe kpɔti siwo katã wotsɔ tɔ kpɔ lae la ŋu be woalé kpɔtiawo ɖekae. Akɔblifɔ sesẽwo nanɔ kpɔtiawo te ɖekaɖekae. 18Ale kpɔtɔtɔ la nadidi mita blaene-vɔ-ene, akeke mita blaeve-vɔ-eve. Kpɔtɔtɔ la ƒe avɔ akɔ abe mita eve ene, eye woalɔ̃e kple ɖeti nyuitɔwo.
Akaɖimemi la
19“Na woatsɔ akɔbli awɔ nu sia nu si woatsɔ ga awɔe le agbadɔ la ŋu: woatsɔ akɔbli awɔ gatagbadzɛawo kple tsyotiawo hã.
20“Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. 21Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime.
Currently Selected:
2 Mose 27: AL
Highlight
Share
Compare
Copy
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.