“Gblɔ na Israelviwo be woana amiti ƒe ami nyuitɔ wò nàde akaɖiawo me le agbadɔ la me, ale be akaɖiawo nanɔ bibim ɣe sia ɣi. Ele be Aron kple viawo nakɔ akaɖi sia, si womana wòatsi akpɔ o la ada ɖe agbadɔ la me, le xɔmetsovɔ, si xe nublaɖaka ŋkume la ŋgɔ. Woana wòanɔ bibim zã kple keli le Yehowa ŋkume. Esia nye se mavɔ na Israelviwo tso dzidzime yi dzidzime.