YouVersion Logo
Search Icon

2 Mose 19

19
Le Sinai to la gbɔ
1Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ɣleti etɔ̃ megbe la, wova ɖo Sinai gbedzi. 2Esi woho tso Refidim la, wova ɖo Sinai gbegbe la, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma le to la te.
3Mose lia to la yi Mawu gbɔ, eye Yehowa yɔe tso to la dzi gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yakob ƒomeawo, eye ale nàɖe gbeƒãe na Israelviwoe nye esi, 4‘Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ Egiptetɔwo kple ale si mekplɔ mi va ɖokuinye gbɔ abe ɖe metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalãwo dzi ene. 5Azɔ la, ne miaɖo tom, eye miawɔ nye nubabla dzi la, mianye nye ame tiatiawo le xexemedukɔwo katã dome, elabena tɔnyee nye xexea me katã. 6Gawu la, mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe aɖe nam.’ Nya siawo nàgblɔ na Israelviwo.”
7Esi Mose trɔ gbɔ tso to la dzi la, eyɔ kplɔlawo ƒo ƒu, eye wògblɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la na wo.
8Wo katã wolɔ̃ ɖe edzi kple gbe ɖeka be, “Míawɔ nu sia nu si wòadi tso mía si be míawɔ.” Mose gblɔ nya si ameawo gblɔ la na Yehowa.
9Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.
10Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi dukɔ la gbɔ, eye nàkpɔ be ameawo le klalo na nye vava. Kɔ wo ŋuti egbe kple etsɔ, eye nàna woanya woƒe awuwo. 11Ekema ŋkeke etɔ̃a gbe la, maɖi tso Sinai to la dzi le ame sia ame ŋkume. 12Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku. 13Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!”
14Ale Mose ɖi tso to la dzi va ameawo gbɔ. Ekɔ wo ŋuti, eye wonya woƒe awuwo. 15Mose gblɔ na wo be, “Midzra ɖo na Mawu ƒe vava le ŋkeke eve megbe. Migadɔ kple nyɔnu aɖeke o.”
Mawu ɖe eɖokui fia Mose le Sinai to la dzi
16Le ŋkeke etɔ̃lia ƒe ŋdi la, dzi de asi gbeɖeɖe kple dzokeke me ŋɔdzitɔe. Lilikpo dodo gã aɖe va dze ɖe to la dzi. Kpẽ aɖe ɖi sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe abe lãdzokpẽ ene, eye ame sia ame dzo nyanyanya kple vɔvɔ̃. 17Mose kplɔ wo tso woƒe agbadɔwo me be woado go Mawu; ena wotsi tsitre ɖe to la te. 18Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe. 19Esi kpẽ la ƒe ɖiɖi ganɔ sesẽm ɖe edzi la, Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo eŋu nɛ kple gbe sesẽ aɖe. 20Yehowa ɖi va Sinai to la tame. Eyɔ Mose be wòava to la dzi, eye Mose lia to la yi egbɔ.
21Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku. 22Ele na nunɔla siwo ate ɖe Yehowa ŋu gɔ̃ hã be woakɔ wo ɖokuiwo ŋuti; ne menye nenema o la, Yehowa atsrɔ̃ wo.”
23Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.”
24Ke Yehowa gagblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi, eye nàkplɔ Aron ɖe asi vɛ. Mègaɖe mɔ be nunɔlawo kple ameawo nagbɔ liƒoawo dzi be yewoava afi sia o. Ne wotee kpɔ la, matsrɔ̃ wo.”
25Ale Mose ɖi yi ameawo gbɔ, eye wògblɔ nya si Mawu gblɔ nɛ la na wo.

Currently Selected:

2 Mose 19: AL

Highlight

Share

Compare

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in