YouVersion Logo
Search Icon

2 Mose 18

18
Yetro va kpɔ Mose ɖa
1Yetro, si nye Mose to, ame si nye Midian nunɔla la, se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ na eƒe dukɔ Israel kple Mose kple ale si Yehowa ɖe wo tso Egipte la ŋuti. 2Esia ta Yetro kplɔ Mose srɔ̃ Zipora yi nɛ, elabena Mose ɖo srɔ̃a ɖe fofoa gbɔ. 3Ekplɔ Mose ƒe viŋutsu eveawo hã yii. Via ŋutsuvi Gersom ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Amedzro,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Menɔ tsaglalã tsam le dzronyigba dzi.” 4Via ŋutsuvi evelia, Eliezer, ƒe ŋkɔ gɔmee nye, “Mawue nye nye xɔnametɔ,” elabena esi wodzii la, Mose gblɔ be, “Fofonyewo ƒe Mawue nye nye xɔnametɔ, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.” 5Yetro, Mose to kple Mose ƒe viŋutsuwo kple srɔ̃a wova Mose gbɔ le gbegbe, afi si woƒu asaɖa anyi ɖo, le Mawu ƒe to la gbɔ. 6Yetro dɔ ame ɖo ɖe Mose gbɔ be woagblɔ nɛ be, “Nye towò, Yetro kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsu eveawo míegbɔna gbɔwò.”
7Mose yi ɖakpe toa, eye wòxɔe dzidzɔtɔe. Wobia wo nɔewo ƒe agbe ta, eye woyi ɖe Mose ƒe agbadɔ me hena nya aɖewo ŋu bubu. 8Mose gblɔ nu siwo katã dzɔ kple nu siwo Yehowa wɔ Farao kple Egiptetɔwo, ale be yeate ŋu aɖe Israelviwo, nukpekeame siwo nɔ mɔ me na Israelviwo kple ale si Yehowa ɖe wo tso wo katã me la na toa. 9Yetro kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu sia nu si Yehowa wɔ na Israelviwo kple ale si wòkplɔ wo dzoe le Egipte la ŋuti.
10Yetro si nye Mose to la gblɔ be, “Mikafu Yehowa, elabena eɖe mi tso Egiptetɔwo kple Farao ƒe asi me, eye wòɖe Israel. 11Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”
12Yetro sa numevɔsa kple akpedavɔsawo na Mawu. Emegbe la, Aron kple Israelviwo ƒe ametsitsiwo va do gbe na Yetro, eye wo katã woɖu vɔsalã la le Mawu ŋkume.
Ʋɔnudrɔ̃lawo tiatia
13Esi ŋu ke la, Mose nɔ anyi abe ale si wòwɔna ɣe sia ɣi ene, tso ŋdi va se ɖe fiẽ be yeadrɔ̃ ʋɔnu le ameawo dome.
14Esi Mose to kpɔ ɣeyiɣi si ʋɔnudɔdrɔ̃ la xɔna nɛ la, egblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle agbagba dzem be ye ɖeka yeawɔ nu siawo katã, le esime amewo le tsitre le afi sia ŋkeke blibo la katã be nàkpe ɖe yewo ŋuti?”
15Mose ɖo eŋu nɛ be, “Elabena dukɔ la va gbɔnye be woabia Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. 16Ne nya dzɔ ɖe ameawo dome la, wotsɔnɛ vɛ nam, medrɔ̃nɛ na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.”
17Mose to, Yetro gblɔ nɛ be, “Nu si wɔm nèle la menyo o. 18Èle ɖeɖiteameŋu kple dɔléle he ge ava ɖokuiwò dzi. Ne eva eme alea ɖe, nu kae wò amewo awɔ? Mose, dɔ sia sẽ akpa be nàvu ɖe eŋu be ye ɖeka yeawɔ. 19Ɖo tom, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu anɔ kpli wò, Ànɔ dukɔ la teƒe le Mawu ŋkume, eye nàtsɔ woƒe nyawo ɖo eƒe ŋkume. 20Fia Mawu ƒe seawo kple ɖoɖoawo wo, eye nàfia ale si woanɔ agbee kple woƒe dɔdeasiwo wo.
21“Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu. 22Na ame siawo nadrɔ̃ nya kukluiwo na ameawo ɣe sia ɣi. Nya veviwo kple nya sesẽwo koe woatsɔ va gbɔwòe. Ne èto mɔ sia dzi la, nuwo abɔbɔ na wò, elabena àma nyadɔdrɔ̃ ƒe agba kple nyadrɔ̃lawo. 23Ne èzɔ ɖe aɖaŋu sia dzi, eye Mawu lɔ̃ la, àte ŋu anɔ te ɖe dɔ sesẽ sia nu, eye tomefafa kple nusɔsɔ anɔ asaɖa la me.”
24Mose xɔ toa ƒe aɖaŋu, eye wòzɔ ɖe eƒe nyawo nu. 25Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo. 26Wonɔa anyi ɣe sia ɣi na nyadɔdrɔ̃. Wotsɔa nya sesẽwo vaa Mose gbɔ, ke wodrɔ̃a nya kukluiwo le wo ɖokuiwo si.
27Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mose na toa trɔ yi wo de.

Currently Selected:

2 Mose 18: AL

Highlight

Share

Compare

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in