YouVersion Logo
Search Icon

2 Mose 12

12
Ŋutitotolẽvi la
1Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Egipte be, 2“Tso azɔ dzi yina la, ɣleti siae anye gbãtɔ kple ɣleti vevitɔ wu na mi le ƒea me. 3Miɖe gbeƒã na Israelviwo katã be le ɣleti sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, ŋutsu ɖe sia ɖe nalé alẽvi ɖeka na eƒe ƒome, alẽ ɖeka ɖe aƒekɔ ɖeka ɖe sia ɖe nu. 4Ne aƒekɔ aɖe le sue akpa na alẽvi blibo ɖeka ɖuɖu la, woama alẽvi la kple woƒe aƒelika si te ɖe wo ŋu wu le woƒe agbɔsɔsɔ nu. Ele be miabu alẽvi siwo ŋu dɔ woawɔ la ŋu le ameawo ƒe agbɔsɔsɔ nu, ɖe nu si ame sia ame aɖu la nu. 5Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o. 6Miakpɔ wo dzi va se ɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, esi Israelviwo katã awu woƒe lãwo le fiẽ me, 7woatsɔ woƒe ʋu asi na woƒe ʋɔtrua ƒe axadziti eveawo kple ʋɔtrua ƒe tameti le aƒe ɖe sia ɖe si me woaɖu alẽviawo le. 8Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã. 9Migaɖui mumu alo aɖae hafi aɖu o, ke boŋ mimee dɔnogoe, ta kple afɔwo siaa. 10Migagblẽ lã la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o. Ne miete ŋu ɖu wo katã gbe ma gbe ƒe fiẽ o la, ele be miatɔ dzo esi susɔ. 11Ale si mianɔ hafi aɖui nye esi: mido miaƒe awuwo, miabla wo dzi kple alidziblaka. Mido miaƒe atokotawo ɖe afɔ, eye mialé miaƒe atizɔtiwo ɖe asi. Miɖui abe sisilawo ene, elabena Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkeke wònye.
12“Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa. 13Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o.
14“Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe. 15Miaɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adre. Le ŋkeke adreawo katã me la, ele be miaɖu abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã ko. Woaɖe ame sia ame si agbe se sia dzi wɔwɔ le ŋkeke adreawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã me la le Israelviwo ƒe hame. 16Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ kple mamlɛtɔ dzi la, ameha la katã ade takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke siawo dzi o, negbe nuɖaɖa ko.
17“ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime. 18Abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko woaɖu tso ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ va se ɖe ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe fiẽ. 19Mele be amɔʋãtike aɖeke nanɔ miaƒe aƒewo me le ŋkeke adre siawo me o. Woaɖe ame sia ame si aɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã le ɣeyiɣi sia me la le Israelviwo ƒe hame. Ele be amedzro siwo le mia dome kple dzɔleaƒeawo siaa nalé se sia me ɖe asi. 20Megale egblɔm be, le ŋkeke adre mawo me la, mele be miaɖu nu si wowɔ kple amɔ ʋaʋã la ƒe ɖeke o: miɖu nu si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la ko le afi sia afi si mianɔ.”
21Ale Mose yɔ Israelviwo ƒe ametsitsiwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be, “Miyi mialé alẽwo tso miaƒe alẽhawo dome. Aƒekɔ ɖeka nalé alẽ ɖeka; aƒekɔ sue eve nalé alẽ ɖeka. Esia aku ɖe ame siwo le aƒeawo me ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. Miwu Ŋutitotolẽvi la. 22Mitsyɔ alẽvi la ƒe ʋu ɖe gagbɛ aɖe me. Minyrɔ kakle ɖe ʋu la me, eye miatsɔe asisi ʋu la ɖe ʋɔtruti la tame kple eƒe axawo dzi, ale be ʋu nanɔ ʋɔtrutiawo ŋu. Mia dometɔ aɖeke mado go le xɔ me le zã ma me o.
23“Elabena Yehowa ato anyigba la dzi, eye wòawu Egiptetɔwo. Ke ne ekpɔ ʋu le ʋɔtruti la tametɔ kple eƒe axadzitɔwo ŋu la, ato ʋɔtru la ŋu, eye maɖe mɔ na nugblẽla wòage ɖe eme awu miaƒe ŋutsuvi gbãtɔwo o. 24Miɖo ŋku edzi be esia nye se si anɔ anyi tegbetegbe na miawo ŋutɔwo kple miaƒe dzidzimeviwo. 25Ne mieva ɖo anyigba si Yehowa ana mi dzi abe ale si wòdo ŋugbee na mi ene, ne miele Ŋutitotoŋkekenyui la ɖum, 26eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la, 27miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu.
28Israel wɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose kple Aron ene.
Ŋgɔgbeviwo ƒe ku
29Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã. 30Farao kple eƒe aɖaŋudelawo kple Egiptetɔwo katã fɔ le zã ma me. Avifafa nɔ Egiptenyigba blibo la dzi, elabena aƒe aɖeke menɔ anyi esi me ame meku le o.
Israelviwo dzo le Egipte
31Farao yɔ Mose kple Aron le zã ma me, eye wògblɔ be, “Netsɔ, midzo le mía gbɔ, míeɖe kuku, mi katã midzo! Mia ŋutɔwo kple Israelviwo; miyi miasubɔ Yehowa abe ale si miebia ene. 32Mikplɔ miaƒe alẽwo kple nyiwo, eye miadzo. Miyram eye miadzo.”
33Egiptetɔwo ƒo du ɖe Israelviwo nu be woadzo le anyigba la dzi kaba, abe ale si woate ŋui ene, elabena wogblɔ be, “Ne menye nenema o la, mí katã míele kuku ge.” 34Israelviwo tsɔ woƒe amɔ maʋamaʋã ɖe asi. Wobla woƒe amɔkpakuwo ɖe woƒe avɔ mamlɛawo me heda ɖe abɔta. 35Israelviwo wɔ abe ale si Mose gblɔ na wo ene. Woɣe klosalonuwo kple sikanuwo kple awuwo le Egiptetɔwo si. 36Yehowa na Egiptetɔwo nyo dɔ me na Israelviwo ale gbegbe be wotsɔ nu sia nu si Israelviwo bia wo la na wo. Ale Egiptetɔwo ƒe nu sia nu kloe yi Israelviwo gbɔ!
37Israelviwo dzo le Rameses le zã ma me heɖo ta Sukɔt. Ŋutsu akpe alafa ade kple nyɔnuwo kple ɖeviwo dze mɔ kple afɔ. 38Amedzro geɖewo hã dze mɔ kpli wo. Woho kple alẽha kple nyiha gã aɖewo. 39Ne wotɔ hena nuɖuɖu la, wowɔa abolo kple amɔ maʋamaʋã si wotsɔ ɖe asi la ŋu dɔ. Amɔ la meʋã o, elabena ɖe wonya wo le Egipte, eye womekpɔ ɣeyiɣi aɖeke ana woƒe amɔ naʋã woatsɔ ɖe asi na mɔzɔzɔ la o.
40Israelviwo nɔ Egipte ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430). 41Le ƒe alafa ene blaetɔ̃ (430) lia ƒe nuwuwu, le ŋkeke ma dzi tututu la, Yehowa ƒe amewo katã ʋu le Egipte. 42Yehowa tia zã sia be yeaɖe yeƒe amewo tso Egiptenyigba dzi, eya ta wòna zã sia zu gbe si gbe Israelviwo katã aɖu ale si Yehowa ɖe woe la ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe.
Ŋutitotolẽvi la ɖuɖu ŋuti sewo
43Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, “Esiawoe nye se siwo le Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti.
“Amedzro aɖeke maɖu alẽvi la ƒe lã o, 44gake kluvi si mieƒle hetso aʋa na la ate ŋu aɖui. 45Agbatedɔwɔla alo amedzro si le mia gbɔ la, mekpɔ mɔ aɖui o. 46Mi ame siwo katã aɖu alẽvi ɖeka la, miaɖui le aƒe ɖeka me: miatsɔ ɖeke ado goe o, eye miagbã ƒu aɖeke hã o. 47Israelviwo katã aɖu ŋkekenyui sia le ɣeyiɣi ɖeka dzi.
48“Ne amedzro siwo le mia gbɔ di be yewoaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la kpli mi la, mina woƒe ŋutsuwo katã natso aʋa, ekema woate ŋu aɖui kpli mi. Ekema woazu abe ɖe wodzi wo ɖe mia dome ene. Ke bolotɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖu ŋutitotolẽvi la o. 49Se ɖeka ma kee akplɔ Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome.”
50Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na wo to Mose kple Aron dzi la dzi. 51Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me.

Currently Selected:

2 Mose 12: AL

Highlight

Share

Compare

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in