1
2 Mose 12:12-13
Agbenya La
AL
“Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa. Ʋu si miesi ɖe ʋɔtrutiwo ŋu la anye dzesi be mieɖoa tom. Ne mekpɔ ʋua la, mato mia ŋuti. Nyemawu viŋutsu gbãtɔwo ne meyina Egiptetɔwo tɔwo wu ge o.
Compare
Explore 2 Mose 12:12-13
2
2 Mose 12:14
“Ele be miaɖu ŋkekenyui sia na Yehowa ƒe sia ƒe be wòaɖo ŋku zã si me Egiptetɔwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔwo ku la dzi. Esia zu se si me woalé ɖe asi tegbetegbe.
Explore 2 Mose 12:14
3
2 Mose 12:26-27
eye mia viwo bia mi be, ‘Nu ka ta miele ŋkekenyui sia ɖum mahã?’ la, miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu.
Explore 2 Mose 12:26-27
Home
Bible
Plans
Videos