Amos 1
1
1Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel.
2Egblɔ be,
“Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion,
eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem.
Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla,
eye Karmel to la tame yrɔ.”
Ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔ siwo ƒo xlã Israel
3Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo
siwo wòwɔ edziedzi ta la,
nyematsɔ wo akee o,
elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ
abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene.
4Eya ta matɔ dzo Fia Hazael ƒe fiasã,
eye magbã Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.
5Maŋe gameti sesẽ siwo wotsɔ do Damasko ƒe agbowoe,
eye mawu fia si le Aven ƒe Balime,
kple ame si le fia ɖum le Bet Eden,
eye woaɖe aboyo Siriatɔwo ayi ɖe Kir.”
Yehowae gblɔe.
6Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la,
nyematsɔ wo akee o,
elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe,
eye wòdzra wo kluviwoe na Edom.
7Eya ta matɔ dzo Gaza ƒe gliwo,
eye dzo afia eƒe mɔ sesẽwo.
8Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo katã, mawu Askelontɔwo ƒe fia,
eye magbã Ekron va se ɖe esime Filistitɔ mamlɛawo atsrɔ̃.”
Aƒetɔ Mawue gblɔe.
9Ale Yehowa gblɔe nye esi,
“Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la,
nyematsɔ wo akee o,
elabena eda le nubabla si le eya
kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi,
wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom.
10Le esia ta matɔ dzo Tiro ƒe gliwo,
eye eƒe mɔ sesẽwo abi azu afi.”
11Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la,
nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe
Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa,
hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o.
12Eya ta matɔ dzo Teman,
eye wòabi Bozra ƒe mɔ sesẽwo.”
13Ale Yehowa gblɔe nye esi:
“Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la,
nyematsɔ wo akee o,
elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be
yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la,
wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo.
14Eya ta matɔ dzo Raba ƒe gli sesẽwo,
eye wòabi eƒe mɔwo le aʋaɣli ƒe ɖiɖi me le aʋakpegbe
kple yaƒoƒo sesẽ le ahomtugbe.
15Woƒe fiawo kple amegãwo katã ayi aboyome.”
Yehowae gblɔe.
Currently Selected:
Amos 1: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.