1 Samuel 8
8
Israelviwo di fia na wo ɖokui
1Esi Samuel tsi la, eɖo via ŋutsuwo ʋɔnudrɔ̃lawoe na Israel 2Via ŋutsu gbãtɔ ŋkɔe nye Yoel eye evelia ŋkɔe nye Abiya ame siwo drɔ̃ ʋɔnu le Beerseba. 3Via ŋutsuwo meto wo fofo ƒe afɔtoƒe o. Woɖe asi le mɔ dzɔdzɔe ŋu, heti viɖe ƒoɖi yome, woxɔa zãnu eye wotsoa afia ŋkunɔ.
4Ale Israel ƒe kplɔlawo katã kpe ta heva Samuel gbɔ le Rama 5Wogblɔ nɛ be, “Azɔ la ètsi eye viwò ŋutsuwo meto wò afɔtoƒe o, eya ta tia fia na mí be wòakplɔ mí abe ale si wòle le dukɔ bubuwo dome ene.”
6Ke esi wogblɔ be, “Tia fia na mí be wòakplɔ mí” la, esia medze Samuel ŋu o; eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa. 7Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene. 8Tso esime mekplɔ wo dzoe le Egipte la, wogbea nu le gbɔnye enuenu eye wodzea mawu bubuwo yome. Azɔ la, wole nu ma ke wɔm ɖe ŋuwò. 9Azɔ la, ɖo to wo, gake xlɔ̃ nu wo vevie eye nàna woanya nu si fia si ava ɖu wo dzi la awɔ.”
10Ale Samuel gblɔ nya siwo katã Yehowa gblɔ la na ame siwo le ebiam be wòana fia yewo. 11Egblɔ na wo be, “Esia nye nu si fia si aɖu mia dzi la awɔ; atsɔ mia viŋutsuwo be woanye yeƒe tasiaɖamkulawo kple sɔdolawo eye wòana woasi du le eƒe tasiaɖamwo ŋgɔ. 12Atsɔ wo dometɔ aɖewo aɖo ame akpewo nu eye wo dometɔ aɖewo anɔ ame blaatɔ̃ aɖewo nu. Ɖewo aŋlɔ eƒe agblewo, axa nukuwo nɛ, nenema ke ɖewo hã anye eƒe aʋawɔnuwo wɔlawo kple tasiaɖamŋutinuwo wɔlawo. 13Axɔ mía vinyɔnuwo be woanye yeƒe amiʋeʋẽwɔlawo, nuɖalawo kple aboloƒolawo. 14Axɔ miaƒe agbledenyigba nyuitɔwo, waingblewo kple amitive nyuitɔwo le mia si atsɔ na eƒe dɔlawo. 15Axɔ miaƒe agblemenukuwo kple miaƒe wain tsetsewo ƒe ewolia eye wòatsɔ wo ana eƒe dɔnunɔlawo kple eƒe subɔlawo. 16Axɔ miaƒe dɔlaŋutsuwo, dɔlanyɔnuwo kple nyi damiwo le miaƒe nyiha me kple miaƒe tedziwo na eya ŋutɔ ɖokui. 17Axɔ miaƒe lãhawo ƒe ewolia eye miawo ŋutɔ miazu eƒe kluviwo. 18Ne ŋkeke ma va ɖo la, miafa avi be woana gbɔdzɔe mi tso fia si mietia la si me eye Yehowa matɔ na mi le ŋkeke ma dzi o.”
19Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi. 20Ekema míanɔ abe dukɔ bubuawo katã ene eye fia anɔ mía si, ame si akplɔ mí eye wòado anɔ ŋgɔ na mí, awɔ aʋawo na mí.”
21Esi Samuel se nya siawo katã si ameawo gblɔ la, egbugbɔ wo gblɔ na Yehowa. 22Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɖo to wo eye nàna fia wo.” Tete Samuel gblɔ na Israel ŋutsuawo be, “Ame sia ame netrɔ yi eƒe du me.”
Samuel lɔ̃ eye wòɖo ame sia ame ɖe eƒe du me.
Currently Selected:
1 Samuel 8: AL
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.