1
1 Samuel 8:7
Agbenya La
AL
Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene.
Compare
Explore 1 Samuel 8:7
2
1 Samuel 8:8
Tso esime mekplɔ wo dzoe le Egipte la, wogbea nu le gbɔnye enuenu eye wodzea mawu bubuwo yome. Azɔ la, wole nu ma ke wɔm ɖe ŋuwò.
Explore 1 Samuel 8:8
3
1 Samuel 8:5-6
Wogblɔ nɛ be, “Azɔ la ètsi eye viwò ŋutsuwo meto wò afɔtoƒe o, eya ta tia fia na mí be wòakplɔ mí abe ale si wòle le dukɔ bubuwo dome ene.” Ke esi wogblɔ be, “Tia fia na mí be wòakplɔ mí” la, esia medze Samuel ŋu o; eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa.
Explore 1 Samuel 8:5-6
4
1 Samuel 8:19
Ke ameawo gbe toɖoɖo Samuel. Wogblɔ nɛ be, “Ao! Míedi fia be wòaɖu mía dzi.
Explore 1 Samuel 8:19