Wɔ dɔ ŋkeke ade ko, eye èkpɔ mɔ awɔ ŋuwò dɔ ɖe sia ɖe ƒomevi le ŋkeke ade siawo me. Ke ŋkeke adrẽlia nye dzudzɔgbe na Aƒetɔ, wò Mawu la. Gbe ma gbe la, ame aɖeke megawɔ dɔ aɖeke o. Wò ŋutɔ wòɖanye o, viwò ŋutsu alo viwò nyɔnu wòɖanye o, wò dɔlaŋutsu alo wò dɔlanyɔnu wòɖanye o, wò nyitsu, wò tedzi alo wò lãwo dometɔ aɖe wòɖanye o, mɔzɔla si dze gbɔwò la wòɖanye o, ɖeke megawɔ dɔ aɖeke o. Ele be wò dɔlawo hã, ŋutsu kple nyɔnu, nagbɔ ɖe eme gbe ma gbe abe wò ŋutɔ ke ene.