1
Romatɔwo 7:25
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ, la dzi! Eyata azɔ nye ɖeka ma ke metsɔa nyasã la subɔa Mawu ƒe se la, ke metsɔa ŋutilã la subɔa nuvɔ̃ ƒe se lae.
Compare
Explore Romatɔwo 7:25
2
Romatɔwo 7:18
Elabena menyae bena, le menye — egɔmee nye: Le nye ŋutilã me la — nu nyuia ɖeke menɔa anyi o; elabena nu nyui lɔlɔ̃ la le asinye, ke nu nyui wɔwɔ la nyemekpɔ wɔe kura o.
Explore Romatɔwo 7:18
3
Romatɔwo 7:19
Elabena menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ.
Explore Romatɔwo 7:19
4
Romatɔwo 7:20
Ke ne mewo nusi nyemelɔ̃na o la, ekema meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye boŋ.
Explore Romatɔwo 7:20
5
Romatɔwo 7:21-22
Eyata azɔ mekpɔ se sia bena, esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye. Elabena mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome
Explore Romatɔwo 7:21-22
6
Romatɔwo 7:16
Ke ne nusi ke nyemelɔ̃na o lae mewɔna la, ekema melɔ̃a sea dzi bena, enyo.
Explore Romatɔwo 7:16