1
Galatiatɔwo 2:20
Agbenya La
AL
Woklã nye kple Kristo ɖe ati ŋu, eye meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristoe le agbe le menye. Agbe si mele fifia le ŋutilã me la, mele agbe la to Mawu ƒe Vi la dzixɔse me, ame si lɔ̃m, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe tanye.
Compare
Explore Galatiatɔwo 2:20
2
Galatiatɔwo 2:21
Nyemegbe nu le Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, elabena ne míakpɔ dzɔdzɔenyenyenye to se la me la, ekema Kristo ku dzodzro!”
Explore Galatiatɔwo 2:21
3
Galatiatɔwo 2:15-16
“Ke mí ame siwo nye Yudatɔwo tso dzɔdzɔme eye míenye nu vɔ̃ wɔlawo abe ame siwo menye Yudatɔwo ene o la, míenyae be wometsoa afia na ame to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔse me. Eya ta míawo hã míexɔ Yesu Kristo dzi se be woatso afia na mí to xɔse me le Kristo me, eye menye to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, elabena wometsoa afia na ame aɖeke to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.
Explore Galatiatɔwo 2:15-16