1
Galatiatɔwo 1:10
Agbenya La
AL
Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.
Compare
Explore Galatiatɔwo 1:10
2
Galatiatɔwo 1:8
Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi.
Explore Galatiatɔwo 1:8
3
Galatiatɔwo 1:3-4
Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo, ame si ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Mawu, mía Fofo la ɖoe ene, eye wòɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me le Mawu, mía Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nu.
Explore Galatiatɔwo 1:3-4