1
Galatiatɔwo 3:13
Agbenya La
AL
Kristo ɖe mí tso se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe elabena mawunya gblɔ be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti la.”
Compare
Explore Galatiatɔwo 3:13
2
Galatiatɔwo 3:28
Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me.
Explore Galatiatɔwo 3:28
3
Galatiatɔwo 3:29
Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.
Explore Galatiatɔwo 3:29
4
Galatiatɔwo 3:14
Eɖe mí bena Abraham ƒe yayra nava ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me la, míaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe ŋugbedodo.
Explore Galatiatɔwo 3:14
5
Galatiatɔwo 3:11
Eme kɔ ƒãa be Mawu matso afia na ame aɖeke to se la dzi wɔwɔ me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe to xɔse me.”
Explore Galatiatɔwo 3:11