Ne Mose kɔ atikplɔ la ɖe dzi ko la, Israelviwo ɖua futɔwo dzi. Ke ne eɖiɖi abɔ be yeadzudzɔ sẽe ko la, Amalekitɔwo ɖua Israelviwo dzi. Abɔwo va ku ɖe Mose ŋu ale gbegbe be, magate ŋu alé atikplɔ la ɖe dzi azɔ o. Ale Aron kple Hur womli kpe aɖe vɛ, eye Mose nɔ edzi. Ame ɖeka nɔ Mose ƒe miame, eye evelia nɔ eƒe ɖusime. Wolé Mose ƒe abɔwo do ɖe dzi va se ɖe esime ɣe ɖo to.