Israelviwo gblɔ na wo be, “Ɖe wòanyo ŋutɔ ne míaku ɖe Yehowa ƒe asi me le Egipte! Le teƒe ma la, míenɔa anyi ƒoa xlã lã siwo míeɖa la ƒe zewo, eye míeɖua nu si míedi la, gake miekplɔ mí va gbegbe afi sia be dɔ nawu mí míaku.” Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na wo. Ame sia ame ate ŋu ado go gbe sia gbe, eye wòafɔ nuɖuɖu si wòhiã. Mado wo kpɔ le nu sia me akpɔ be woawɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi mahã.