2 Mose 17:6-7
2 Mose 17:6-7 AL
Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume. Mose na ŋkɔ teƒe la be Masa si gɔmee nye “Míete Yehowa kpɔ be wòawu mí.” Woyɔnɛ hã be Meriba si gɔmee nye “Nyahehe” kple “Dzrewɔwɔ,” elabena afi mae Israelviwo he nya ɖe Yehowa ŋu le, eye wotee kpɔ be wòawu yewo esi wogblɔ be, “Ɖe Yehowa le mía dzi kpɔ ge loo alo agblẽ mí ɖia?”





