رفتن به محتوا

Salomo ƒe Nunya 4

4
1 # Sir 16.3. Nu si nyo wu esiae nye vimanɔamesi
si ŋu agbe nyui nɔnɔ kpe ɖo,
elabe le ŋkuɖoɖo agbe nyui nɔnɔ dzime la
makumaku li,
elabe Mawu kple amegbetɔwo siaa nya esia.
2Ne ele wo gbɔ la, wosrɔ̃a eƒe nuwɔna;
ne edzo le wo gbɔ la, wodinɛ.
Le ɣeyiɣiwo katã me la, ezɔna eye wòɖua dzi, ɖɔa fiakuku,
abe dziɖula le hoʋiʋli me, si xɔa nunana si womegblẽ kɔ ɖo na la o ene.
3Gake mawumavɔ̃lawo ƒe dzidzime gbogbowo manyo na naneke o,
eye wo vi madzilesenu aɖeke ƒe kè mayi to loo,
alo anɔ te sesĩe o.
4Elabe ne woɖe alɔ do ɖa ʋɛ,
eye wole tsitre ɖeƒomevii hã la, ya aƒo wo,
eye yaƒoƒo sesẽ la aho wo kple kè.
5Alɔdzeawo matsi hafi aŋe o,
eye womawɔ woƒe kutsetse ŋudɔ na naneke o;
womaɖi woaɖu o, eye womanyo na naneke wɔwɔ o.
6Elabe ɖevi siwo wodzina tso ɖekawɔwɔ manɔsenu me la,
ɖasefo vɔ̃ɖiwo wonye ɖe wo dzilawo ŋu, ne Mawu do wo kpɔ.
7Gake nu dzɔdzɔe wɔlawo ya la, nenye be woku kaba hã la, woagbɔ ɖe eme.
8Elabe womedea bubu tsitsi ŋu ɖe ɣeyiɣi ƒe didime nu,
alo dzidzenɛ ɖe ƒewo ƒe xexlẽme nu o.
9Gake nugɔmesese ye nana be ame ƒoa wɔ,
eye agbenɔnɔ mokakamanɔŋu ye nana be ame tsina zua amegãɖeɖi.
Enox ƒe kpɔɖeŋu
10 # Mos I, 5.21-24; Sir 44.16; Heb 11.5. Ame aɖewo ƒe nuwɔna dze Mawu ŋu eye wòlɔ̃ wo,
eye esime wònye nuvɔ̃wɔlawo dome wonɔ ta la, wokɔ wo yi dzii.
11Wokplɔ wo dzoe ale be vɔ̃ɖitɔ la mate ŋu atrɔ
woƒe nugɔmesese loo, alo ayedzedze aɖeke nable woƒe luʋɔwo o.
12Elabe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe asiléle ame tsyɔa nu si nyo la dzi,
eye didi si kplɔ nuwo fũu ɖo la gblẽa susu maɖifɔ.
13Esi wowɔ wo wode blibo le ɣeyiɣi kpui aɖe me ta la,
wonɔ agbe dzidzemetɔe ƒè geɖee.
14Elabe woƒe luʋɔwo dze Aƒetɔ la ŋu,
eya ta wòkplɔ wo dzoe kaba tso nuvɔ̃ɖi wɔwɔ titina.
15Ke dukɔwo kpɔ esia eye womese egɔme loo,
alo bu nu sia ƒomevi ŋu le wo ɖokui me o,
be Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ li na eƒe ame tiatiawo,
eye wòkpɔa eƒe ame kɔkɔewo ta.
Nu si adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi
16Nu dzɔdzɔe wɔla siwo ku la abu fɔ mawumavɔ̃la siwo le agbe,
eye ɖekakpui siwo wowɔ wode blibo kaba la,
abu fɔ nu madzɔmadzɔ wɔla siwo anɔ agbe didi.
17Elabe woawoe akpɔ nyasãtɔwo ƒe nuwuwu,
eye womase nu si Aƒetɔ la ɖo ɖi na wo la gɔme
kple nu si wodzra wo ɖo dedie na la o.
18Nu madzɔmadzɔ wɔlawo akpɔe eye woada wo ɖe anyigba;
ke Aƒetɔ la ako ame mawo fewuɖutɔe.
Eyome woazu ame kuku siwo ŋu bubu mele o,
eye woanye dziku anɔ ameyinugbewo dome tegbee.
19Elabe axlã wo ɖe anyigba numaƒomaƒoe,
eye wòaʋuʋu wo tso gɔmeɖoɖowo dzi.
Woagble wo ɖi woaƒu kplakplakpla, kumatsee
eye woase veve;
womaɖo ŋku wo dzi gbeɖe o.
20Woava kple vɔvɔ̃, ne wole akɔnta wɔm kpli wo
tso woƒe nuvɔ̃wo ŋuti.
Dɔ siwo womewɔ ɖe se nu o la abu fɔ wo le woawo ŋutɔ ŋkume.