رفتن به محتوا

Salomo ƒe Nunya 3

3
Nu si Mawu ɖo ɖi na nu dzɔdzɔe wɔlawo
1Ke nu dzɔdzɔe wɔlawo ƒe luʋɔwo le Mawu ƒe asi me,
eye naneke maka wo ŋu awɔ funyafunya wo akpɔ o.
2 # Nya 4.17. Le bometsilawo ŋkume la, wodzé abe ɖe woku ene,
eye wobua woƒe dzodzo le agbe sia me abe dzɔgbevɔ̃e ene.
3Wobua woƒe dzodzo le mía gbɔ abe woƒe tsɔtsrɔ̃ ene,
gake wole ŋutifafa me.
4Elabe, togbɔ be le ame bubuwo ŋkume, toe wohe na wo hã la,
mɔkpɔkpɔ le wo si ŋutɔ be womaku akpɔ o.
5 # Rom 8.18; Kor II, 4.17. Woanyana hehe wo vie ya, ke woaxɔ nyui fũu,
elabe Mawu do wo kpɔ, eye wòkpɔ be wodze na ye ŋutɔ ye ɖokui.
6Edo wo kpɔ abe sika le kpodzo me ene,
eye abe numemevɔsa ene la, exɔ wo.
7Ne eva be yeakpɔ wo ɖa la, woaklẽ,
eye woazɔ kple du kple du abe dzobibie le gbe ƒuƒu me zɔm ene.
8Woaɖu dukɔwo dzi; woaɖu fia ɖe amewo dzi,
eye Aƒetɔ la anye woƒe fia tegbee.
9Ame siwo ɖoa dzi ɖe eyama ŋu la, woase nyateƒe gɔme,
eye nuteƒewɔlawo anɔ eyama gbɔ le lɔlɔ̃ me,
elabe ave eƒe kɔkɔetɔwo nu, eye wòakpɔ nublanui na wo;
ekpɔa eƒe ame tiatiawo ta.
Nu si Mawu ɖo ɖi ɖe mawumavɔ̃lawo ŋu
10Ke woahe to na mawumavɔ̃lawo abe ale si woƒe tamebubu dzena lae ene.
Wo, ame siwo mebu nu dzɔdzɔe wɔlawo ɖe naneke me o,
eye wodze aglã ɖe Aƒetɔ la ŋu.
11Elabe ame siwo gbe nyasã kple nufiame la ƒe nu wɔ nublanui.
Woƒe mɔkpɔkpɔ nye dzodzro; viɖe aɖeke mele woƒe dɔwɔwɔwo me o,
eye woƒe dɔwo nye dɔ vlo.
12Wo srɔ̃nyɔnuwo tsi bome,
eye wo viwo vɔ̃ɖi;
13woƒo fi de woƒe dzidzimeviwo.
Agbe nyui nɔnɔ ƒe vevinyenye
Elabe woyra konɔ si womegblẽ o;
eya, ame si mewɔ ɖeka kple ame aɖeke dɔ kplii wɔ nuvɔ̃ kpɔ o.
Eyama latse ku, ne Mawu do luʋɔwo kpɔ.
14Woyra ame tata hã, ame si ƒe asiwo mewɔ sedzidanu aɖeke kpɔ o,
eye meto nuvɔ̃ɖi aɖeke wɔwɔ ɖe Aƒetɔ la ŋu vɛ kpɔ hã o.
Woana eyama nakpɔ amenuveve tɔxɛ ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta,
eye wòanɔ teƒe si wòadzɔ dzi le ŋutɔ, le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me.
15Elabe dɔwɔwɔ nyui ƒe kutsetse dea du,
eye nugɔmesese ƒe kè metsrɔ̃na o.
16Gake ahasiwɔlawo viwo matsi azu ame o,
eye dzidzimevi siwo do tso ɖekawɔwɔ manɔsenu me la, atsrɔ̃.
17Ne wonɔ agbe didii gɔ̃ hã la, womabu wo ɖe naneke me o,
eye mlɔeba le woƒe tsitsime ke hã la, bubu manɔ wo ŋu o.
18Ne woku le ɖekakpuime la, mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔe na wo o,
eye womakpɔ akɔfafa aɖeke le ʋɔnudrɔ̃gbe o.
19Elabe nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe dzidzime wua nu kple vevesese.