Tobit 13
13
Tobit dzi ha kafu Mawu
1Tete Tobit gblɔ be:
“Newokafu Mawu si le agbe tegbee
elabe eƒe fiaɖuɖu li hena ɣeyiɣiwo katã.
2Ehea to na ame,
eye wògakpɔa nublanui na ame.
Enana be ame yia tsiẽƒe le anyigba ƒe globoƒe ke,
eye wògahea ame tso aʋli gã la me ɖe go;
naneke mate ŋu así le eƒe asi nu o.
3O Israelviwo, miʋu eyama me le dukɔwo gbɔ be eli,
elabe eyae kaka mi hlẽ ɖe wo dome.
4 #
Yes 63.16; Yer 3.4; Nya 14.3; Sir 23.1, 4; Mat 6.9. Eɖe eƒe gãnyenye fia mi le afi mawo gɔ̃ hã.
Midoe ɖe dzi le nu gbagbe ɖe sia ɖe ŋkume
elabe eyae nye mía Aƒetɔ,
eye eyae nye mía Mawu.
Eyae nye mía Tɔ́,
eye eyae nye Mawu tegbee.
5Ahe to na mi ɖe vɔ̃ siwo miewɔ la ta,
gake agakpɔ nublanui na mi katã.
Aƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome,
tso afi si wòkaka mi hlẽ ɖo la.
6Ne mietrɔ ɖe eŋu kple míaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo,
be miawɔ nu si nye nyateƒe le eŋkume la,
ekema atrɔ ɖe mia ŋu,
eye magaɣla eƒe ŋkume ɖe mi o.
Eya ta, azɔ mikpɔ nu si wòwɔ na mi la ɖa;
miɖe gbeƒãe kple gbe sesẽ.
Mikafu Aƒetɔ, nu dzɔdzɔe wɔla la.
Mido ɣeyiɣiwo katã ƒe Fia la ɖe dzi.
Le aboyonyigba dzi,
meɖe gbeƒãe,
eye meɖe eƒe ŋusẽ kple fianyenye fia
nuvɔ̃wɔlawo ƒe dukɔ be:
‘Mi nuvɔ̃wɔlawo, mitrɔ kɔ
eye miwɔ nu si le dzɔdzɔe le eŋkume.
Ɖewohĩ akpɔ ŋudzedze le mia ŋu,
eye wòakpɔ nublanui na mi.’
7Ke nye la, medoa nye Mawu ɖe dzi,
eye nye luʋɔ tsoa aseye ɖe Dziƒofia la ŋu.
8Mina dukɔwo katã naƒo nu le eƒe fianyenye ŋu,
eye woaɖe gbeƒãe le Yerusalem.
9 #
Yes 60.1-22; Nyaɖ 21.9—22.5. O Yerusalem, du si ŋu wokɔ,
ehe to na wò ɖe nu si nèwɔ ta,
gake agakpɔ nublanui na nu dzɔdzɔe wɔlawo ƒe viwo.
10Miɖe gbeƒã Aƒetɔ la,
elabe eyama nyo;
eye miakafu ɣeyiɣiwo katã ƒe Fia la,
ale be wòagbugbɔ eƒe agbadɔ atu
ɖe mewò kple dzidzɔ.
Nedo dzidzɔ na ame siwo katã le mewò,
ame siwo le aboyo me,
eye wòalɔ̃ ame siwo katã le xaxa me le mewò;
newɔe na dzidzimewo katã tegbee.
11Kekeli gã aklẽ, aɖaɖo anyigba ƒe seƒewo katã ke;
dukɔ geɖewo atso didiƒe ʋĩi ava gbɔwò;
anyigba la ƒe didiƒenɔlawo ase wò ŋkɔ kɔkɔe la ava.
Woatsɔ nunanawo ɖe asi vɛ na Dziƒofia la.
Dzidzime ɖe dzidzime yome atso aseye ɖaa le mewò,
du si wotia la ŋkɔ anɔ anyi tegbee.
12Neɖi ame siwo gblɔ nya vlo ɖe ŋuwò la ŋu;
neɖi ame si ɖu dziwò,
eye wògbã wo gliwo la ŋu;
ame siwo katã mu wò gbetakpɔxɔwo,
eye wotɔ dzo wò aƒewo la, neɖi wo ŋu;
gake ame siwo de bubu ŋuwò la,
woayra wo tegbee.
13Azɔ, dzi nedzɔ wò le nu dzɔdzɔe wɔlawo viwo ta,
elabe woaƒo wo nu ƒu
eye woakafu ɣeyiɣiwo katã ƒe Aƒetɔ la.
14Mawu yra ame siwo lɔ̃ wò,
neyra ame siwo kpɔ dzidzɔ le wò dzidzedzekpɔkpɔ ŋuti,
neyra ame siwo sea veve kpli wò
le wò fukpekpewo ta,
elabe woakpɔ dzidzɔ kpli wò,
eye woaɖi ɖase le wò ŋutikɔkɔe ŋu tegbee.
15Nye ameti blibo la nekafu Aƒetɔ, Fiagã la!
16Elabe woatsò Yerusalem abe enɔƒe ene na ɣeyiɣiwo katã.
Ale makpɔ dzidzɔe
ne nye dzidzimevi aɖewo asusɔ,
ne woakpɔ wò ŋutikɔkɔe,
eye woadze si Dziƒofia la!
Woawɔ Yerusalem ƒe agbowo kple safirkpe kple emeraldkpe,
eye wò gliwo katã anye kpe xɔasiwo.
Woatu Yerusalem ƒe gbetakpɔxɔwo kple sika,
eye woatu eƒe xɔ sesẽwo kple sika nyuitɔ.
Woado Yerusalem ƒe mɔwo
kple kpe dzĩ kple kpe tɔxɛwo tso Ofir-nyigba dzi.
17Yerusalem ƒe agbowo adzi dzidzɔhawo,
eye eƒe xɔwo ado ɣli be, ‘Haleluya!
Woakafu Israel ƒe Mawu la!’
Ame siwo woyra la,
newokafu ŋkɔ kɔkɔe la tegbetegbee.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.