رفتن به محتوا

Tobit 12

12
Rafael ɖe eɖokui fia
1Esi srɔ̃ɖe ŋkekenyui la wu enu la, Tobit yɔ via Tobias eye wògblɔ nɛ be: “Vinye, kpɔ egbɔ be èxe fe na ame si kplɔ wò yi nua gbee eye nàna dɔnɔdoga hãe.” 2Ebia be: “Tɔ́nye, ho nenie maxe nɛ? Ne míetsɔ nunɔamesi siwo míetsɔ gbɔe la ƒe afã nɛ la, magblẽ naneke o. 3Elabe ekplɔm gbɔe vɛ na wò dedie, eda gbe le srɔ̃nye ŋuti, ena mexɔ ga la vɛ, eye wòda gbe le ŋuwò. Ho nenie mana eyama abe dɔnɔdoga ene?” 4Tobit gblɔ nɛ be: “Vinye, edze axɔ nu sia nu si wòtsɔ gbɔe la ƒe afã.” 5Ale Tobias yɔe eye wògblɔ be: “Wò fetue nye nu sia nu si nètsɔ gbɔe la ƒe afã. Nàtsɔ afɔ nyuie.”
6Tete Rafael ɖe kpɔ Tobit kple Tobias, eye wògblɔ na wo be: “Mikafu Mawu eye miɖe gbeƒã eyama le agbagbeawo katã ŋkume le nu nyui siwo katã wòwɔ na mi la ta. Mikafui eye midzi ha kafu eŋkɔ. Mido kɔkɔe to gbeƒãɖeɖe nu siwo katã wòwɔ na amewo la me. Migahe ɖe megbe le ekafukafu ŋu o. 7Enyo be womaʋu go fia ƒe nya ɣaɣlawo o. Gake ele eteƒe be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe nukudɔwo ale be woakafui, ade bubu eŋu. Wɔ nyui eye vɔ̃ aɖeke maɖu dziwò o. 8#Sir 29.8-13.Enyo be nàdo gbe ɖa eye nutsitsidɔ nakpe ɖe eŋu, ke nunana ame dahewo kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ nyo wu sãa. Nu sue si ŋu nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpe ɖo la nyo wu kesinɔnu si ŋu nu gbegblẽ wɔwɔ kpe ɖo. Nunana ame dahe nyo wu be woalí kɔ sika gbogbo ɖi. 9#Lod 11.4; Dan 4.27; Sir 3.30.Elabe nunana ame dahe ɖea ame tso ku me, eye wòtutua nuvɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa. Ame siwo naa nu ame dahe la, nu adze edzi na wo bliboe le agbe me. 10Gake ame siwo wɔa nuvɔ̃ eye wowɔa nu gbegblẽ la nye futɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake na wo ɖokui.
11“Azɔ la, maɖe gbeƒã nyateƒe blibo la na mi, eye nyemaɣla naneke ɖe mi o. Megblɔe na mi xoxo esi megblɔ be: ‘Enyo be womaʋu go fia ƒe nya ɣaɣla o, gake woade bubu Mawu ŋu axlẽ eƒe dɔwɔwɔwo afia.’ 12#Hiob 33.23, 24; Dɔw 10.4; Nyaɖ 8.3, 4.Ale azɔ esi wò kple Sara miedo gbe ɖa la, nyee nye ame si tsɔ miaƒe gbedodoɖawo ɖo ŋutikɔkɔe gã si ƒo xlã Aƒetɔ la ŋkume. Nenema kee mewɔna ne mieɖi ame kukuwo. 13Ɣe ma ɣi esi nèɖe asi le wò nuɖuɖu ŋu yina be yeaɖaɖi ame siwo wowu la, 14ɖe wodɔm ɖa be maɖado wò kpɔ. Nenema ke Mawu dɔm ɖa be mada gbe le wò kple Sara, wò toyɔvi la ŋu. 15#Luk 1.19; Nyaɖ 8.2.Nyee nye Rafael, mawudɔla adrẽ siwo le klalo le tsitre age ɖe ŋutikɔkɔe gã si ƒo xlã Aƒetɔ la me la dometɔ ɖeka.”
16Wo ame eve la ʋuʋu; wotsyɔ mo anyi elabe wovɔ̃ ŋutɔ. 17Ke egblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Ŋutifafa nenɔ kpli mi. Mikafu Mawu tegbetegbee. 18Nye la, esi menɔ mia gbɔ la, nyemewɔ naneke le ɖokuinye si o, ke boŋ Mawu ƒe lɔlɔ̃nue mewɔ. Mikafu eyama ŋkeke sia ŋkeke; midzi hawo kafui. 19Togbɔ be mienɔ ŋku lém ɖe ŋunye hã la, le nyateƒe me la, nyemeɖu alo no naneke o, gake nu si miekpɔ la, ŋutegae. 20Ale azɔ la, mitso le anyigba, eye miaʋu eme be Mawu li. Mikpɔ ɖa, mele dzi liam ɖo ta ame si dɔm ɖa la gbɔ. Miŋlɔ nu siawo, siwo katã dzɔ ɖe mia dzi la da ɖi.” Ale wò yi dziƒo. 21Tete Tobit kple Tobias tsi tsitre eye womegakpɔe o. 22Woyi edzi nɔ Mawu kafum nɔ dzidzɔhawo dzim. Woʋu eme be nu wɔnuku siawo la, Mawue wɔ wo, esi Mawu ƒe dɔlawo dometɔ ɖeka ɖe eɖokui fia wo la ta.