رفتن به محتوا

EKLESIASTIKO 9

9
Nuxlɔ̃amenya tso nyɔnu ŋu
1 # Mos IV, 5.12-15. Mègaʋã ŋu ɖe srɔ̃wònyɔnu si le gbɔwò la nu o;
ne menye nenema o la, àfia nuvɔ̃ɖi aɖee wòawɔ wò ŋutɔ.
2Mègaɖe asi le ɖokuiwò ŋu na nyɔnu,
eye nàna be wòatu afɔ wò ŋusẽ dzi o.
3Mègate ɖe nyɔnu gbegblẽ ŋu o;
ne menye nenema o la, àge ɖe eƒe mɔ̀ me.
4Mègafe kple nyɔnuvi hadzila o;
ne menye nenemaa o la, eƒe aye alé wò.
5Mègaɖe ŋku ɖe ɖetugbi leaƒe o;
ne menye nenemaa o la, àkli nu eye woahe to na wò le eta.
6Mègaɖe asi le ɖokuiwò ŋu na gbolowo o;
ne menye nenemaa o la, àbu wò domenyinu.
7Mègatsa ŋku le du ƒe mɔdodowo dzi o,
alo anɔ tsatsam le eƒe akpa siwo ame megale o.
8Ɖe ŋku ɖa le nyɔnu si nyakpɔna la ŋu,
eye mègalí ŋku ɖe nyɔnu dzetugbe si nye ame bubu tɔ la dzi o;
nyɔnu ƒe tugbedzedze gblẽ ta le ame geɖewo nu,
eye to eyama dzi seselelãme sesẽ xɔna abe dzo ene.
9Mègaɖu nu kple ŋutsu bubu srɔ̃ loo,
alo ano wain kplii dzidzɔtɔe le ahanoƒe gbeɖe o;
ne menye nenemaa o la, wò dzi atrɔ ɖe eŋu,
wò seselelãme sesẽ aho, ade wò tsɔtsrɔ̃ me.
Xɔlɔ̃wɔwɔ
10Mègaɖe asi le xɔlɔ̃ xoxowo ŋu o,
elabe yeyeawo mate ŋu asɔ kpli wo o.
Xɔlɔ̃ yeye le abe wain yeye ene;
ne etsi la, àte ŋu anoe dzidzemetɔe.
11Mègaʋã ŋu nuvɔ̃wɔlawo, ne nu dze edzi na wo o,
elabe mènya ale si woƒe nuwuwu ava nɔ o.
12Mègakpɔ dzidzɔ le nu si doa dzidzɔ na mawumavɔ̃lawo ŋu o;
ɖo ŋku edzi be womabu wo fɔmaɖilawoe le woƒe agbenɔnɔ katã me o.
13Te ɖa sãa tso ame siwo si ŋusẽ le be woawu ame la gbɔ,
eye kuvɔvɔ̃ mado ŋɔdzi na wò o.
Gake ne ète ɖe wo ŋu la, mègawɔ alakpanu aɖeke o;
ne menye nenemaa o la, woaxɔ wò agbe le asiwò sesẽtɔe.
Nya be mɔ̀ tetrewo dome zɔm yele,
eye be yele dua ƒe mɔ̀ ƒe gli si me woɖe mɔ ɖo hedaa tu tonɛ la dzi zɔm.
14Dze agbagba ale si nàte ŋui, be nàdze si wò aƒelikawo,
eye nàde adaŋu kple nunyalawo.
15Ɖo dze kple ame siwo ƒe susu kɔ́,
eye nàna be miaƒe nyamedzodzrowo katã naku
ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ƒe se la ŋu.
16Nà be nu dzɔdzɔe wɔlawo nanye ame siwo aɖu nu kpli wò le wò kplɔ̃ ŋu,
eye nàna be wò bubu nanɔ Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me.
Dziɖulawo
17Wokafua dɔ si aɖaŋudɔwɔla wɔ aɖaŋutɔe la;
nenemaae dukɔkplɔla ƒe nyawo ɖea eƒe nunya fiana.
18Nu kpoloe ƒolawo la, ɖe wovɔ̃a wo le woƒe du me;
ame si meɖɔa ŋu ɖo le nuƒo me o la, ɖe woléa fui.