EKLESIASTIKO 8
8
Susu tsɛ ŋudɔwɔwɔ
1Mègaʋli nya kple ŋusẽtɔwo o;
ne menye nenemaa o la, àge ɖe woƒe asi me.
2Mègawɔ dzre kple kesinɔtɔwo o,
ɖewohĩ, woƒe nukpɔmɔnuwo sɔ gbɔ wu tɔwò;
elabe sika tsrɔ̃ ame geɖewo,
eye wògblẽ fiawo ƒe susu.
3Mègahe nya kple nu kpoloe ƒolawo o,
eye mègali kɔ nake ɖe woƒe dzo me o.
4Mègafe kple ame si womehe nyuie o;
ne menye nenemaa o la, woadzu tɔgbuiwòwo.
5Mègaka mo na ame si le tɔtrɔm tso nuvɔ̃ gbɔ la o;
ɖo ŋku edzi be mí katã míedze na tohehe.
6Mègado vlo ame tsitsi o,
elabe mía dometɔ aɖewo hã míele tsitsim.
7Mègadzɔ dzi le ame aɖeke ƒe ku ŋuti o;
ɖo ŋku edzi be ele be mí katã míaku.
8Mègada ame tsitsi nyanuwo ƒe nuƒo ɖi o,
ke boŋ srɔ̃ woƒe nunya detowo;
elabe àsrɔ̃ amehehe
kple ale si nàsubɔ amegãwoe la tso wo gbɔ.
9Mègagble ame tsitsi ƒe nuƒo ɖi o,
elabe woawo ŋutɔ hã la, wo dzilawo gbɔ wosrɔ̃ wo le;
woawo gbɔe nèsrɔ̃ ale si nàse nu gɔme tso
kple ale si nàɖo nya ŋui le, ne wòhiã la.
10Mègaƒlɔ nuvɔ̃wɔlawo ƒe dzoka ɖo wòalé o;
ne menye nenema o la, woƒe dzo si le bibim la amè wò.
11Mègana ame mabulawo nana be nàtso ɖe afɔ dzi o;
ne menye nenema o la, woade xa ɖe wò nyawo ŋu.
12Mègado nu na ame si sesẽ wu wò la o,
gake ne èdo nua la, bui be ebu.
13Mègana megbedenu wu nu si le asiwò la o,
gake ne ède megbe la, dzra ɖo be yeaxe fe la.
14Mègakplɔ ʋɔnudrɔ̃la yi se gbɔe o,
elabe nyametsotso la adé eyama dzi le nɔƒe si le esi la ta.
15Mèganɔ mɔ zɔm kple ame siwo ƒe mo medzea anyi o la o;
ne menye nenemaa o la, woanye agba na wò;
elabe woawɔ nu si dze wo ŋu la,
eye àtsrɔ̃ kpli wo to woƒe bometsitsi me.
16Mègawɔ avu kple ame siwo doa dziku kabakaba la o,
eye mègazɔ kpli wo to toƒe siwo tso abo la o,
elabe ʋukɔkɔɖi menye naneke le wo gbɔ o,
eye afi si xɔnametɔ aɖeke mele o la, woaƒo wò aƒu anyi.
17Mègabia aɖaŋuɖoɖo tso bometsilawo gbɔ o,
elabe womate ŋu aɣla nya o.
18Mègawɔ naneke si wòle be wòanɔ ɣaɣla la le amedzrowo ŋkume o,
elabe wò la, mènya nu si woaʋu goe la o.
19Mègaɖe wò susu ɖe go fia ame aɖeke o;
ne menye nenemaa o la, àbu wò dzidzɔkpɔkpɔ.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.