رفتن به محتوا

EKLESIASTIKO 49

49
Yosiya
(Fia II, 20.10-11)
1 # Fia II, 22.1; 22.11-13; 23.3, 25. Yosiya ŋkɔ ɖe wòle abe lifi si wodzro,
esi ŋu ami ʋeʋẽe ɖala trɔ asi le aɖaŋutɔe ene.
Ŋkuɖoɖo eyama dzi vivina abe anyitsi le nu ene,
kple abe hadzidzi vivi le wain nokplɔ̃ ŋu ene.
2Ewɔ nu si le eteƒe to dukɔa gbugbɔ wɔ me yeye,
eye wòɖe ŋunyɔnuvɔ̃ɖiwo ɖa.
3Ena eƒe dzi ku ɖe Aƒetɔ la ŋu.
Le sedzimawɔmawɔ ƒe ɣeyiɣiwo me la, ena mawudzixɔse ɖu dzi.
Yeremya
4David kple Xizkiya kpakple Yosiya, woawo koe nye fia siwo do le eme;
ke bubuawo katã ya nye nuvɔ̃wɔla gãwo,
elabe wogble Dziƒoʋĩtɔ la ƒe se la ɖi.
Ale Yuda-fiawo ƒe fiaɖuɖu wu nu.
5Wotsɔ woƒe ŋusẽ na ame bubuwo,
eye wotsɔ woƒe bubu na dzrodukɔ.
6 # Yer 1.4-10; 39.8. Woawoe tɔ dzo du si Aƒetɔ la tia na eƒe kɔkɔeƒe la,
eye ame vɔ le woƒe ablɔwo dzi
abe ale si Yeremya ƒe gbeƒã ɖi ene.
7Elabe wowɔ funyafunya eya,
ame si, esi wònɔ nɔa ƒe dɔme gɔ̃ hã la,
wokɔ̀ eŋuti abe Mawu ƒe gbeƒãɖela ene,
be wòaho nu, agblẽ nu, atsrɔ̃ nu;
nenema ke wòatu nu, ado nui.
Xezekiel
8 # Xez 1.3-15; 14.14-20. Xezekiel nye ame si Mawu ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia le ŋutega me,
le kerubiwo kple tasiaɖam tame.
9Elabe Mawu hã ƒo nu le Hiob ŋu;
eya, ame si lé nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe mɔwo ɖe asi sesĩe la.
Mawu ƒe gbeƒãɖela wui eveawo
10Mawu ƒe gbeƒãɖela wui eveawo ƒe ƒuwo
neɖo agbe yeye ɖa tso teƒe siwo womlɔ anyi ɖo la.
Elabe wofa akɔ na Yakob ƒe amewo,
eye woɖe wo kple mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le.
Zerubabel kple Yesua
11 # Ezra 3.2; Xag 2.23. Ale ke míado Zerubabel ɖe dzii?
Eyama nɔ abe ŋkɔsigɛ le nuɖusi ene.
12 # Xag 1.1, 12. Nenemae nye Yesua, Yozadak viŋutsu hã.
Le wo ŋɔli la, woawoe tu xɔ la,
eye wotu gbedoxɔ kɔkɔe aɖe hã na Aƒetɔ la,
be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ anyi tegbee.
Nexemya
13 # Nex 6.15. Ŋkuɖoɖo Nexemya hã dzi anɔ anyi ɖaa.
Eyae fɔ gli siwo mu la ɖe dzi,
de agbowo kple gametiwo,
eye wògbugbɔ míaƒe aƒe gbagbãwo tso.
Blematɔgbuiawo
14Ame ʋɛ aɖewo ko wowɔ ɖe anyigba dzi abe Enox ene,
elabe eya la, ɖe wokɔe yi dziƒoe tso anyigba dzi.
15Womedzi ame aɖeke hã kpɔ si nɔ abe Yosef ene o;
ɖe wolé be na eƒe ƒuwo gɔ̃ hã.
16Wode bubu Sem kple Set kpakple Enos ŋu ya,
gake Adam tɔ gbɔ nu gbagbe bubu ɖe sia ɖe si wowɔ la tɔ ta.