رفتن به محتوا

EKLESIASTIKO 48

48
Eliya
(Fia I, 17.1—19.18)
1 # Fia I, 17.1-24; 18.38; 19.15, 16; Fia II, 1.10-16; 2.11; Mal 4.5, 6. Tete Eliya va do; enye gbeƒãɖela si le abe dzo ene,
eye eƒe nya bi abe akakati ene.
2Ena dɔ to na wo
eye to dzo si le eme dzi la, ena wozu ʋɛ.
3To Aƒetɔ la ƒe nya dzi la, etu dziƒowo nu,
eye wòna dzo hã ge va dze anyi zi etɔ̃.
4Eliya, ètri akɔ le wò nukudɔwo wɔwɔ me loo!
Ame ka ŋu bubu le abe wò ene?
5Èfɔ ame kuku tso ku me
kple tso tsiẽƒe, to Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nya dzi!
6Ètu nu kple fiawo wotsrɔ̃,
eye ame xɔŋkɔwo ya la, wotso le woƒe dɔbawo dzi.
7Èse mokaname le Sinai,
eye wogblɔ hlɔ̃biabia futɔwo na wò le Xoreb.
8Èsi ami na fiawo be woana tohehe,
eye nèsii na Mawu ƒe gbeƒãɖelawo be woaxɔ ɖe tewòƒe.
9Wokɔ wò yi dziƒoe le yali si le dzo bim la me,
esi nènɔ tasiaɖam si dzosɔwo he la me.
10Le ɣeyiɣi si Aƒetɔ la ɖo ɖi me la, woŋlɔe ɖi, eye woɖoe ɖi na wò,
be nàtsi Mawu ƒe dɔmedzoe nu, ne magalé dzo o,
ne wòatrɔ dzilawo ƒe dzi ɖe wo viwo ŋu,
eye woagagbugbɔ Yakob ƒe toawo axɔ.
11Ame siwo kpɔ wò
eye wotsɔ wò lɔlɔ̃ ɖo atsyɔ̃e la, kpɔ dzidzɔ loo!
Elabe míawo hã míanɔ agbe godoo.
Elisa
(Fia II, 2.9-13)
12 # Fia II, 2.9, 13. Esi yali bla Eliya yinae la,
wona eƒe gbɔgbɔ yɔ Elisa taŋ.
Ewɔ Eliya ƒe dzesiwo kple nukunuwo tɔgbe zigbɔzi eve,
eye nya ɖe sia ɖe si do le enu la, na nukunu aɖe va eme.
Medzo nyànyanya le dziɖula aɖeke ŋkume le eƒe agbenɔɣi kpɔ o,
eye ame aɖeke mete ŋu do ŋɔdzi nɛ kpɔ kura o.
13 # Fia II, 13.20, 21. Naneke mesesẽ nɛ akpa kpɔ o,
eye esi wòku la, eƒe kukua ɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi.
14Le eƒe agbe me la, ewɔ nukunuwo,
eye le eƒe ku me la, eƒe dɔwɔwɔwo nye nuku.
15 # Fia II, 18.11, 12. Nu siawo katã va eme alea, gake dukɔ la metrɔ dzime loo,
alo ɖe asi le woƒe nuvɔ̃wo ŋu o,
va se ɖe esime wokaka wo abe aboyonu ene,
tso woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi,
eye wokaka wo ɖe xexe blibo la katã me.
Ame xexlẽme ʋɛ aɖe ko wogble ɖi,
gake wo dziɖula ya tso David ƒeme.
16Wo dometɔ aɖewo wɔ nu dzɔdzɔe,
ke bubuawo ya wɔ nuvɔ̃, gawɔe kpee.
Xizkiya
(Fia II, 18.1—20.21)
17 # Fia II, 20.20. Xizkiya wɔ eƒe du la wòsesẽ,
eye wòhe tsi va emee.
Eɖe do to agakpe me kple ga yibɔ dɔwɔnuwo,
eye wòwɔ tsidzraɖoƒedowo tsɔ xa tsii.
18 # Fia II, 18.13-17. Le eŋɔli la, Senaxerib ho aʋa ɖe dukɔa ŋu.
Eɖo eƒe aʋakplɔla ɖa eye wòdzo.
Etso ɖe Zion ŋu,
eye wòƒo adegbe ale gbegbe amemabutɔe.
19Tete dzika tso wo ƒo;
wodzo nyànyanya
eye wose veve abe nyɔnu siwo le ku lém ene.
20 # Fia II, 19.15-20, 35. Gake woyɔ Aƒetɔ la, ame si nye nublanuikpɔla
esime wokè woƒe abɔwo me ɖo ɖe egbɔ.
Kɔkɔetɔ la se woƒe ɣli kaba tso dziƒo,
eye wòxɔ na wo to Yesaya dzi.
21Aƒetɔ la kaka Asiriatɔwo ƒe asaɖa la
eye eƒe mawudɔla tsrɔ̃ wo keŋkeŋ.
22Elabe Xizkiya wɔ nu si dze Aƒetɔ la ŋu,
eye wòlé tɔgbuia David ƒe mɔwo me ɖe asi sesĩe
abe ale si gbeƒãɖela Yesaya ɖe gbe nɛ la ene.
Yesaya nye ame deŋgɔ, eye kakaɖedzi le eƒe ŋutegawo ŋu.
Yesaya
(Fia II, 20.10-11)
23 # Fia II, 20.10, 11. Le Yesaya ŋɔli la, ɣe zɔ gbugbɔ ɖe megbe,
eye wòna fia la ƒe agbe didi ɖe edzi.
24Le gbɔgbɔ triakɔ si le eme ta la, ekpɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge,
eye wòfa akɔ na konyifalawo le Zion.
25Eɖe nu si gbɔna dzɔdzɔ ge le nuwuwua la fia,
kple nu siwo le ɣaɣla la fia, hafi wova dzɔ.