EKLESIASTIKO 41
41
Ku
1O ku, ŋuwò bubu nye veve helihelĩ sese loo!
Enye vevesese na ame si le ŋutifafa me le eƒe nunɔamesiwo dome,
ame si metsi dzimaɖi le naneke ŋu o, nu ɖe sia ɖe dze edzi nɛ nyuie,
eye ŋusẽ gale eŋu be wòaɖu nu ase vivi nɛ loo!
2O ku, ale ke wò gbeƒãɖeɖe tohehe mehenye nu si woado dzaa na o!
Enye dzidzɔ na ame si hiã tu, eƒe ŋusẽ le vɔvɔm,
tsitsi na ɖeɖi te eyama ŋu eye wòtsi dzimaɖeɖi le nu sia nu ŋu;
eya, ame si le dzikudodo dzi,
eye dzigbɔɖi me gale esi o la.
3Mègavɔ̃ ku ƒe se ɖe ŋuwò o;
ɖo ŋku ame siwo do ŋgɔ na wò kple ame siwo le megbewò gbɔna la dzi.
4Esia nye Aƒetɔ la ƒe sedede na nu gbagbewo katã.
Nu ka ta wò ya nàgbe Dziƒoʋĩtɔ la ƒe lɔlɔ̃nu?
Agbenɔnɔ ɖade ƒe ewo, alo alafa alo akpe ɖeka o,
womebiaa nya aɖeke ame le tsiẽƒe o.
Nu si adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi
5Nu vɔ̃ wɔlawo ƒe viwo nye ame siwo le ŋu nyɔm,
elabe wonyi wo le mawumavɔ̃lawo ƒeme.
6Nu vɔ̃ wɔlawo ƒe viwo ƒe domenyinu atsrɔ̃,
eye ŋukpe mavɔ anɔ woƒe dzidzimeviwo dzi.
7Viwo abu fɔ vi tɔ́ mawumavɔ̃la
elabe eyama tae woɖu ŋukpe ɖo.
8Baba na mi, mawumavɔ̃lawo,
mi ame siwo gble Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la ƒe se la ɖi!
9Ne viwo le mia si la, dzɔgbevɔ̃e akplɔ wo ɖo;
miadzi wo na huɖeɖe ko.
Ne miekli nu yina anyi dze ge la, dzidzɔkpɔkpɔ nu matso le mia ŋu akpɔ o,
eye ne mieku la, fiƒode anɔ mia dzi.
10Nu sia nu si dona tso anyigba me la, trɔna yia anyigba me;
ale mawumavɔ̃lawo tsoa fiƒode me gena ɖe tsɔtsrɔ̃ me.
11Amegbetɔ ƒe ŋutilã nɔa anyi ɣeyiɣi aɖe ko,
gake ŋkɔ nyui ya la, womatutui ɖa akpɔ gbeɖe o.
12De asixɔxɔ wò ŋkɔ ŋu, esi wòle anyi nɔ ge le megbewò,
eteƒe nadidi wu sika akpe nanewo ta.
13Agbe nyui nɔnɔ ƒe ŋkekewo xexlẽ nu yina,
gake ŋkɔ nyui ya nɔa anyi tegbee.
Anyinɔnɔ si ŋu bubu le
14Vinyewo, milé hehe si miexɔ la me ɖe asi nyateƒetɔe, eye minɔ anyi le ŋutifafa me.
Nunya si woɣla kple kesinɔnu si ŋkumekpɔ o la ɖe,
ɖe asixɔxɔ le wo dometɔ aɖe ŋua?
15Ame siwo ɣlaa woƒe bometsitsi
tɔ me nyo wu ame siwo ɣlaa woƒe nunya.
16Eya ta mide bubu nye nyawo ŋu,
elabe menyo be ŋu nakpe wò le nyadzɔdzɔ ɖe sia ɖe me loo,
alo woabu ŋukpe ɖe sia ɖe ƒomevi be edze o.
17Ŋu nekpe wò ne wò gbɔdɔdɔ ŋu nya aɖe ɖi le tɔ́wò alo nɔwò gbɔ;
le aʋatsokaka ŋu le dumegã alo dziɖula gbɔ.
18Ŋu nekpe wò le hlɔ̃dodo ŋu le ʋɔnudrɔ̃la alo kodziɖila gbɔ;
le sedzidada ŋu le amehawo kple dukɔa gbɔ;
le amebaba ŋu le wò dɔwɔhati alo xɔ̃wò gbɔ.
19Ŋu nekpe wò le wò fififi ŋu nya si ɖi le teƒe si nènɔna la.
Ŋu nekpe wò le atamtutu alo ɖoɖodzidada ŋu,
le ɖokuitɔdidi ɖeɖe fia le nuɖuƒe ŋu,
kple le dzikudodo ŋu, le nuxɔxɔ alo nutsɔtsɔ na ame ŋu.
20Ŋu nekpe wò le gbemalɔmalɔ̃ ŋu, na ame siwo do gbe na wò la gbɔ,
le ŋkuɖeɖe ɖe gbolo ŋu.
21Ŋu nekpe wò le ƒometɔ aɖe ƒe nubiabia wò nàgbe ŋu,
le ame aɖe ƒe gomekpɔkpɔ alo nunana xɔxɔ le esi ŋu,
le ŋutsu bubu srɔ̃kpɔkpɔ gã ŋu.
22Ŋu nekpe wò le fefe kple ŋutsu aɖe ƒe nyɔnusubɔla ŋu;
mègate ɖe eƒe aba ŋu o;
nekpe wò le amedzudzu le xɔlɔ̃wo gbɔ ŋu,
eye ne èna nu ame vɔ megbe la, mègadzui o.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.