EKLESIASTIKO 40
40
Amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ nye nublanui
1Wowɔ dɔ sesẽ wɔwɔ na ame ɖe sia ɖe,
eye wode kɔkuti kpekpe kɔ na Adam viwo,
tso gbe si gbe wodo tso wo nɔ ƒe vidzidɔ me,
va se ɖe gbe si gbe wotrɔ yi nu gbagbewo katã nɔ gbɔ.
2Nu siwo tɔtɔa ame kple dzikatsoƒoe nye wo tɔ gome,
hekpe ɖe dzimaɖisusu le woƒe kugbe ŋu.
3Tso ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui nyuitɔ dzi la dzi,
va ɖo ame si le mimlim
le ʋuʋudedi kple dzowɔ me la dzi;
4tso ame si do avɔ biɖibiɖi wu heɖɔ fiakuku la dzi,
va ɖo ame si ta agaga la dzi,
5dziku kple ŋuʋaʋã kple fukpekpe kple dzimaɖeɖi
kple vɔvɔ̃ na ku dziku helihelĩ kple dzrewɔwɔ, li na wo katã.
Ne ame aɖe le ɖiɖim ɖe eme le eƒe aba dzi la,
eƒe alɔ̃dɔdɔ le zã me tɔtɔa eƒe susu.
6Egbɔna ɖe eme vie ko, alo megbɔna ɖe eme kura o;
eʋlina le alɔ̃ me abe ale si wòwɔ le ŋkeke me la ene.
Nu siwo eƒe susu kpɔna la ɖea fu nɛ,
abe ame si sí tso aʋagbedzi la ene.
7Aɖabaƒoƒo si me wòkpɔ be yele dedie la, enyɔna,
eye wòwɔa nuku nɛ be yevɔ̃ dzodzro.
8Nu siawo vaa eme na nuwɔwɔwo katã, amegbetɔ kple lãwo siaa;
ke nuvɔ̃wɔlawo ya la, evaa eme na wo zigbɔzi adrẽ wu:
9ku kple ʋukɔkɔɖi vana; dzrewɔwɔ kple aʋawɔwɔ vana;
dzɔgbevɔ̃e kple dɔtoto vana; gbegblẽ kple dɔ vɔ̃ vana.
10Wowɔ nu siawo katã na ame vɔ̃ɖiwo,
eye woawo tae tsiɖɔɖɔ la va ɖo.
11Nu siwo katã nye anyigba tɔ la trɔna yia anyigba,
eye nu si tso dzi la trɔna yia dzi.*
Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ yomedzenuwo
12Woaɖe zãnuxɔxɔ kple nu madzɔmadzɔ katã ɖa;
ke xɔse vavãtɔ anɔ te tegbee.
13Ame madzɔmadzɔwo ƒe kesinɔnuwo avɔ abe ale si tɔsisi miena la ene,
eye woakaka abe ale si dzi ɖea gbe sesĩe ne ahom le tutum ene.
14Abe dɔmenyotɔ si dzi le dzɔdzɔm ene la,
nenemae naneke kura madze edzi na sedzidalawoe o.
15Mawumavɔ̃la viwo aɖe alɔ ʋɛ aɖewo ko;
woawo la, kè si ŋu ŋusẽ aɖeke mele o le agakpe dzi la wonye.
16Ava siwo le tɔ alo tɔsisi aɖe to la,
wosia wo hafi va wua be,
17gake dɔmenyowɔwɔ le abe abɔ si me yayra le la ene,
eye nunana ame dahewo nɔa anyi tegbee.
Nu siwo doa dzidzɔ na ame le agbe me
18Kesinɔnu kple fetu wɔa agbe wòvivina,*
gake esi nyo wu wo kple eve lae nye be woakè ɖe nudzraɖoƒe ŋu.
19Vi kple dutsotso nana be ame ŋkɔ lia kè;
gake esi nyo wu wo kple eve lae nye ame si kè ɖe nunya ŋu.
Nyiha kple atikutsetsebɔwo nana be nu dzea edzi na ame;
gake wobua srɔ̃nyɔnu mokakamanɔŋutɔ be enyo wu wo kple eve la.
20Wain kple hadzidzi doa dzidzɔ na dzi,
gake xɔlɔ̃wo ƒe lɔlɔ̃ nyo wu wo kple eve la.
21Dze kple kasaŋku nana be hadzidzi nyasena baa,
gake nuƒo kple gbe vivi nyasena wu wo kple eve la.
22Ŋku dia nu si nyo kple esi dzea ani la kpɔkpɔ,
gake bliŋgba mumu si do teti la nyakpɔna nɛ wu wo kple eve la.
23Xɔlɔ̃ alo zɔhɛ ƒe ame gbɔ vava nyo,
gake srɔ̃nyɔnu si si susu le la nyo wu wo kple eve la.
24Ƒometɔwo kple kpeɖeŋutɔwo li na xaxaɣi,
gake nunana ame dahewo xɔa ame ɖe agbe wu wo kple eve la.
25Sika kple klosalo nana be ame tsia tsitre sesĩe,
gake aɖaŋuɖoɖo nyui xɔ asi wu wo kple eve la.
26Kesinɔnuwo kple ŋusẽ dzia dzideƒo ɖe edzi,
gake Aƒetɔ la vɔvɔ̃ nyo wu wo kple eve la.
26b Ne èvɔ̃a Aƒetɔ la la, naneke mahiã wò o.
Le evɔvɔ̃ me la, mehiã be nàdi kpekpeɖeŋu aɖeke o.
27Aƒetɔ la vɔvɔ̃ le abe abɔ si me yayra le la me nɔnɔ ene,
eye wòkpɔa ame ta wu teƒe kɔkɔtɔ ɖe sia ɖe nɔnɔ.
Nubiabia ame
28Vinye, mèganɔ agbe abe nubiala ene o.
Ne èku la, enyo wu be nànɔ nu biam.
29Ne ame le ŋu ɖom ɖe ame bubu ƒe nuɖukplɔ ŋu la,
womate ŋu abu eƒe agbenɔnɔ agbe ɖɔʋu aɖeke o.
Eklo bubu le eɖokui ŋu; to nuɖuɖuxɔxɔ tso ame bubu gbɔ me.
Gake ame si ƒe susu kɔ
eye wòkpɔ hehe nyui la ƒoa asa na agbe sia tɔgbe nɔnɔ.
30Ame si ŋu mekpena o la, nubiabia vivia enu,
gake enana be dzo xɔna le eyama me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.